We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 6

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 5 Kronika 1 Kronika 1 7 →

1Levi ƒe viwoe nye:

2Kohat ƒe viwoe nye:

3Amram ƒe viwoe nye:

4Aron ƒe vi tsitsitɔwo ƒe dzidzimeviwoe nye:

5ame si dzi Buki,

6ame si dzi Zerahia,

7ame si dzi Amaria,

8ame si dzi Zadok,

9ame si dzi Azaria,

10ame si dzi Azaria,

11Azaria hã dzi Amaria,

12ame si dzi Zadok,

13ame si dzi Hilkia,

14Azaria dzi Seraya,

15ame si woɖe aboyoe esime Yehowa na Nebukadnezar ɖe aboyo ame siwo nɔ Yuda kple Yerusalem.

16Abe ale si wode dzesii xoxo ene la, Levi ƒe viwoe nye,

17Gerson ƒe viwoe nye:

18Kohat ƒe viwoe nye:

19Merari ƒe viwoe nye:

20Gerson ƒe viwoe nye,

21Yoa,

22Kohat ƒe viwoe nye:

23Elkana,

24Tahat, Uriel,

25Elkana ƒe dzidzimeviwo ma ɖe ƒome siawo me:

26Elkana, Zofai,

27Eliab,

28Samuel ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Samuel me la woe nye:

29Merari ƒe vi siwo nye tatɔwo na ƒome siwo dzɔ tso Merari me la woe nye:

30Simea, Hagia kple Asaya.

31Fia David ɖo hadzihadzikpɔlawo kple hadzilawo be woakafu Yehowa le agbadɔ la me esime wòtsɔ nubablaɖaka la de eme megbe.

32Wotsɔ hadzidzi subɔ le le Mawu ƒe agbadɔ la ŋgɔ va se ɖe esime Solomo tu Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖe Yerusalem eye hadzilawo yi woƒe dɔ dzi le ɖoɖo nu.

33Hadzihakplɔlawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dzidzimeviwo le ale:

34Elkana, Yeroham,

35Zuf, Elkana,

36Elkana, Yoel,

37Tahat, Asir,

38Izhar, Kohat,

39Heman ƒe kpeɖeŋutɔ gbãtɔe nye Asaf, ame si ƒe dzidzime heyi megbe va se ɖe Levi dzi la yi ale:

40Mikael, Baaseia,

41Etni,

42Etan, Zima,

43Yahat,

44Heman ƒe kpeɖeŋutɔ eveliae nye Etan, tso Merari ƒe ƒome la me. Enɔa Heman ƒe miame. Eƒe dzidzimeviwo heyi megbe va se ɖe Levi dzi yi ale:

45Hasabia,

46Amzi, Bani,

47Mahli,

48Woƒe ƒometɔwo nye Levitɔ bubuawo. Wotsɔ wo ɖo dɔ bubu vovovowo nu le Mawu ƒe agbadɔ la me.

49Ke Aron kple eƒe dzidzimeviwo koe nye nunɔlawo. Woƒe dɔdeasiwo dometɔ aɖewoe nye numevɔwo sasa, dzudzɔdodo, dɔwɔwɔ le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe kple dɔ siwo ku ɖe ƒe sia ƒe ƒe Avuléŋkekenyui le Israel ŋuti. Wokpɔa egbɔ be wowɔ ɖe nu siwo katã Mose, Mawu ƒe dɔla ɖo na wo la dzi pɛpɛpɛ.

50Aron ƒe dzidzimeviwoe nye:

51Buki,

52Merayot, Amaria,

53Zadok

54Du kple anyigba siwo wona Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo tso Kohat ƒe hlɔ̃ me la woe nye:

55Hebron kple lãnyiƒe siwo ƒo xlãe le Yuda.

56(Ke agbledeƒe kple kɔƒe siwo ƒo xlã du gã la, wotsɔ wo na Kaleb, Yefune ƒe vi.)

57Esiwo wotso na Aron viwoe nye: Hebron (Sitsoƒedu), Libna kple eŋu lãnyiƒe, Yatir kple Estemoa kple wo ŋu lãnyiƒewo.

58Hilen, Debir,

59Asan, Yuta kple Bet Semes kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu na Aron ƒe dzidzimeviwo.

60Benyamin ƒe viwo tso du bubu aɖewo, du siwo dometɔ aɖewo nye Geba, Alemet kple Anatɔt hekpe ɖe lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo ŋu.

61Woda akɔ azɔ be woama anyigba mamlɛa ɖe Kohat ƒe dzidzimevi bubuawo dome eye woxɔ du ewo le Manase ƒe hlɔ̃ ƒe afã ƒe anyigba dzi.

62Woda akɔ eye woxɔ du wuietɔ̃ le Basan le Isaka, Aser, Naftali kple Manase ƒe viwo si tsɔ na Gerson ƒe viwo.

63Woda akɔ eye woxɔ du wuieve le Ruben, Gad kple Zebulon ƒe viwo si tsɔ na Merari ƒe viwo.

64Ale Israelviwo tsɔ du siawo kple woƒe lãnyiƒewo na Levitɔwo.

65Le Yuda, Simeon kple Benyamin ƒe towo me la, wotsɔ du siwo ŋkɔ woyɔxoxo la na wo.

66Efraim ƒe viwo tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo:

67Sekem (sitsoƒedu) kple Gezer,

68Yokmeam kple Bet Horon,

69Aiyalon kple Gat Rimon kple eŋu lãnyiƒe.

70Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ Sitsoƒedu siawo kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na Kohat ƒe viwo ƒe afã: Aner kple Balaam.

71Sitsoƒedu kple woƒe lãnyiƒe siwo Manase ƒe viwo ƒe afã tsɔ na Gerson ƒe viwo la nye:

72Isaka ƒe viwo tsɔ Kedes, Daberat,

73Ramot kple Anem kple lãnyiƒe siwo ƒo xlã wo la na wo.

74Aser ƒe viwo tsɔ Abdon, Masal

75Hukok kple Rehob kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

76Naftali ƒe viwo tsɔ Kedes le Galilea, Hamon kple Kiriataim kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

77Zebulon ƒe viwo tsɔ Rimono kple Tabor kpakple woƒe lãnyiƒewo na Merari ƒe viwo abe Sitsoƒeduwo ene.

78Tso Ruben ƒe to la me le Yɔdan ƒe akpa kemɛ le Yeriko kasa la, woxɔ Bezer le gbegbe la, Yaza,

79Kedemot kple Mefaat kpe ɖe woƒe lãnyiƒewo ŋu.

80Gad ƒe viwo tsɔ Ramot le Gilead, Mahanaim

81Hesbon kple Yazer kple woƒe lãnyiƒewo na wo.

← Kronika 1 5 Kronika 1 Kronika 1 7 →