We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 5

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 4 Kronika 1 Kronika 1 6 →

1Esiawoe nye Ruben ƒe viŋutsuwo. Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi. Togbɔ be eyae nye ŋgɔgbevi hã la, eƒo ɖi fofoa ƒe srɔ̃ɖeba eya ta woxɔ ŋgɔgbevinyenye la le esi tsɔ na Israel ƒe vi, Yosef ƒe viŋutsuwo. Esia tae womeŋlɔ eƒe ŋkɔ be eyae nye ŋgɔgbevi le dzidzimegbalẽ la me abe ale si wòle be wòanɔ ene o.

2Togbɔ be Yosef va zu ŋgɔgbevi hã la, Yuda va nye hlɔ̃ sesẽ, xɔŋkɔ aɖe le Israel eye Yuda mee fiavi aɖe do tso.

3Ruben ƒe viwoe nye:

4Yoel ƒe viwoe nye,

5Simei ƒe vie nye Mika,

6Baal ƒe vie nye Beera, ame si nye fiavi tso Ruben ƒe viwo dome. Asiria fia Tilgat Pilneser ɖe aboyoe.

7Woƒe ƒometɔwo le woƒe hlɔ̃wo nu abe ale si wode wo dzidzimegbalẽ la me la, le ale:

8kple Bela, Azaz ƒe viŋutsu, Sema ƒe viŋutsu kple Yoel ƒe viŋutsu.

9Yoel nye lãnyila; enyi woƒe lãwo le gbegbe la ƒe ɣedzeƒe lɔƒo heyi ɖe Frat tɔsisi la gbɔ elabena nyi geɖewo nɔ Gileadnyigba dzi.

10Le Fia Saul ƒe fiaɖuɣi la, Ruben ƒe viwo ɖu Hagritɔwo dzi eye woge ɖe woƒe agbadɔwo me le Gilead ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi.

11Gad ƒe dzidzimeviwo nɔ woƒe kasa le anyigba si tso Basan yi keke Saleka:

12Yoel nye wo dometɔ xɔŋkɔtɔ eye Safam, Yanai kple Safat kplɔe ɖo.

13Woƒe ƒometɔ siwo nye hlɔ̃ adreawo ƒe amegãwo la woe nye,

14Buz ƒe dzidzimeviwo le woƒe tsitsi nu le ale: Yahdo, Yesisai. Mikael, Gilead, Yarao, Huri kple Abihail.

15Guni ƒe vi, Abdiel ƒe vi, Ahi nye hlɔ̃ la ƒe kplɔla.

16Hlɔ̃ la nɔ Gilead, Basan kple wo ŋu duwo me kpakple Saron ƒe lãnyiƒe nutowo katã me va se ɖe eƒe mlɔenu.

17Woŋlɔ wo katã ƒe ŋkɔwo ɖe dzidzimegbalẽ la me le Yuda fia Yotam kple Israel fia Yeroboam ƒe fiaɖuɣi.

18Asrafo akpe blaene-vɔ-ene alafa adre blaade (44,760), ame siwo si aʋawɔnuwo nɔ, wohe wo nyuie eye wonye kalẽtɔwo la nɔ Ruben, Gad kple Manase ƒe to la ƒe afã ƒe aʋakɔ me.

19Woho aʋa ɖe Hagritɔwo, Yeturitɔwo, Nafisitɔwo kple Nodabitɔwo ŋu.

20Wodo gbe ɖa na Mawu, bia eƒe kpekpeɖeŋu eye wòkpe ɖe wo ŋu le woƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu ta. Ale woɖu Hagritɔwo kple woƒe kpeɖeŋutɔwo dzi.

21Woƒe afunyinuwo nye kposɔ akpe blaatɔ̃ (50,000), alẽ akpe alafa eve blaatɔ̃ (250,000), tedzi akpe eve (2,000) kple ame akpe alafa ɖeka (100,000).

22Woƒe futɔ geɖewo ku le aʋa la me elabena Mawu tsi tsitre ɖe wo ŋu. Ale Ruben ƒe dzidzimeviwo nɔ Hagritɔwo ƒe dzidzimeviwo ƒe anyigba dzi va se ɖe esime woɖe aboyo wo.

23Manase ƒe to ƒe afã kaka ɖe anyigba si tso Basan yi Baal Hermon, Senir kple Hermon to la ŋu. Woawo hã sɔ gbɔ ŋutɔ.

24Woƒe hlɔ̃wo ƒe fiawoe nye Efer, Isi, Eliel, Azriel, Yeremia, Hodavia kple Yahdiel. Wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ ŋkɔ abe aʋawɔla kple kplɔla ene.

25Ke womesubɔ wo fofowo ƒe Mawu la o, ke boŋ wosubɔ ame siwo Mawu tsrɔ̃ la ƒe legbawo.

26Esia ta Israel ƒe Mawu na Asiria fia Pul (ame si wogayɔna be Fia Tilgat Pilneser Etɔ̃lia la), ho aʋa ɖe wo ŋu eye wòɖe aboyo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe hlɔ̃ afã me tɔwo. Wokplɔ wo yi Hala, Habor, Hara kple Gozan tɔsisi la to, afi si wole va se ɖe egbe.

← Kronika 1 4 Kronika 1 Kronika 1 6 →