1Isaka ƒe viŋutsuwoe nye:
2Tola ƒe viwoe nye:
3Izrahia nye Uzi ƒe vi.
4Le David ŋɔli la, aʋawɔla siwo nɔ woƒe dzidzimeviwo dome la de ame akpe blaetɔ̃ vɔ ade (36,000). Srɔ̃wo kple viwo sɔ gbɔ le wo ame atɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe si.
5Aʋawɔla siwo nɔ Isaka ƒe viwo dome la nye ame akpe blaenyi-vɔ-adre (87,000), wode dzesi wo ɖe dzidzimegbalẽ la me.
6Benyamin ƒe viŋutsu etɔ̃awoe nye:
7Bela ƒe viŋutsuwoe nye:
8Beker ƒe viwoe nye:
9Le Fia David ŋɔli la, aʋawɔla sesẽ akpe blaeve-vɔ-eve alafa eve (20,200) nɔ woƒe dzidzimeviwo dome eye woƒe kplɔlawo nye woƒe ƒometatɔwo.
10Yediael ƒe vie nye:
11Yediael ƒe hlɔ̃wo ƒe tatɔwo kple aʋawɔla nye akpe wuiadre, alafa eve (17,200) le Fia David ŋɔli.
12Ir ƒe viwoe nye Supitɔwo kple Hupitɔwo. Husim nye Aher ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka.
13Naftali ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yakob ƒe vi siwo Yakob srɔ̃ Bilha dzi me la woe nye:
14Manase ƒe vi siwo srɔ̃a si nye Arameatɔ dzi nɛ la,
15Makir nye ame si di srɔ̃wo na Hupim kple Supim. Makir nɔvinyɔnu nye Maaka. Makir ƒe vi bubue nye Zelofehad, ame si si vinyɔnuwo ɖeɖe ko nɔ.
16Makir srɔ̃ hã ŋkɔe nye Maaka; edzi ŋutsuvi ɖeka eye wòna ŋkɔe be Peres; nɔvia ŋutsu ŋkɔe nye Seres, ame si dzi ŋutsuvi eve, Ulam kple Rakem.
17Ulam dzi Bedan.
18Hamoleket, Makir nɔvinyɔnu dzi Ishod, Abiezer kple Mahla.
19Semida ƒe viwoe nye:
20Efraim ƒe vidzimeviwoe nye:
21ame si dzi Zabad
22Wo fofo Efraim fa wo ɣeyiɣi didi aɖe eye nɔviawo dze agbagba be yewoafa akɔ nɛ.
23Le esia megbe la, srɔ̃a fɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. Efraim na ŋkɔe be Beria, si gɔmee nye “Dzɔgbevɔ̃e,” le nya si dzɔ la ta.
24Efraim ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Seera, eyae tu Bet Horon Anyigbetɔ kple Bet Horon Dzigbetɔ siaa kple Uzen Seera.
25Efraim ƒe dzidzimeviwo yi ale:
26ame si dzi Ladan, ame si dzi Amihud,
27ame si dzi Nun,
28Anyigba si dzi wonɔ la do liƒo kple Betel kple du siwo ƒo xlãe; edo liƒo kple Naran le ɣedzeƒe kple Gezer kple eƒe duwo le ɣetoɖoƒe eye wògado liƒo kple Sekem kple du siwo ƒo xlãe heyi Aya kple du siwo ƒo xlãe.
29Du siwo nɔ Manase ƒe viwo, ame siwo dzɔ tso Yosef, Israel ƒe vi, me ƒe dzikpɔkpɔ te la, woe nye Bet Sean, Taanak, Megido kple Dor kple du siwo ƒo xlã wo.
30Aser ƒe viŋutsuwoe nye:
31Beria ƒe viwoe nye:
32Heber ƒe viwoe nye:
33Yaflet ƒe viwoe nye:
34Nɔvia, Semer ƒe viŋutsuviwoe nye:
35Helem ƒe viwoe nye:
36Zofa ƒe viwoe nye:
37Bezer, Hod, Sama, Sila, Itran kple Beera.
38Yeter ƒe viwoe nye:
39Ula ƒe viwoe nye:
40Aser ƒe dzidzimeviwo katã nye ƒometatɔwo kple aʋawɔla nyuiwo. Wode aʋawɔla akpe blaeve-vɔ-ade (26,000).