We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 25 Kronika 1 Kronika 1 27 →

1Mama si me agbonudzɔlawo nɔ lae nye si:

2Meselemia ƒe kpeɖeŋutɔwoe nye viawo; woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye:

3Elam, Yehohanan

4Obed Edom ƒe viwo hã nye gbedoxɔŋudzɔlawo. Woƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye:

5Amiel,

6Viŋutsuwo nɔ via Semaya, hã si, ame siwo nye kplɔlawo le wo fofo ƒe ƒome me elabena ŋutete nɔ wo ŋu.

7Semaya ƒe viŋutsuwoe nye esiawo:

8Obed Edom ƒe vi kple tɔgbuiyɔvi siawo de ame blaade-vɔ-eve eye wo katã wonye ame siwo ŋu ŋutete kple ŋusẽ nɔ eye wodze na woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ.

9Meselemia ƒe vi wuienyiawo kple nɔviawo hã nye kplɔla nyuiwo.

10Hosa, ame si tso Merari ƒe viwo dome la,

11Via bubuwo dometɔ aɖewo ƒe ŋkɔwo le tsitsinue nye:

12Wotsɔ gbedoxɔŋudzɔlawo ƒe kplɔlawo ƒe ŋkɔwo na hatsotso vovovo siwo me woma dzɔlawo ɖo. Abe Levitɔ bubuawo ene la, woƒe dɔdeasie nye be woawɔ subɔsubɔdɔwo le gbedoxɔ la me.

13Wona wodzɔa gbedoxɔ la ƒe agbo vovovoawo ŋu; womebua ƒome siwo me wotso la ŋu o elabena wowɔa nu siawo katã to nudzidze me.

14Selemia ƒe dɔe nye wòadzɔ Ɣedzeƒegbo la ŋu.

15Akɔdada la na be Obed Edom nadzɔ Dziehegbo la ŋu eye via ŋutsuwo nadzɔ nudzraɖoƒe la ŋu,

16kple Ɣetoɖoƒegbo kple Salexet ƒe agbo si le dzigbemɔ la dzi yi Supim kple Hosa dzi la ŋu.

17Levi vi ade dzɔa Ɣedzeƒegbo la ŋu,

18Dzɔla ene nɔa gbadzaƒe la ƒe mɔto eye eve nɔa gbadzaƒe la ŋutɔ ƒe ɣetoɖoƒegbo la nu, ame ene dzɔa dzigbemɔ la ŋu eye ame eve dzɔa teƒe siwo ƒo xlã wo la ŋu gbe sia gbe.

19Wotia gbedoxɔŋudzɔlawo tso Korah ƒe viwo kple Merari ƒe viwo dome.

20Levitɔ bubuawo kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe siwo me wodaa nu siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi.

21Ƒome geɖewo dzɔ tso Ladan, Gerson ƒe viwo dometɔ ɖeka me; Yehieli ƒe vi ƒe ƒome hã nɔ wo dome.

22Yehieli ƒe vi bubu eveawo, Zetam kple Yoel, kpɔa gbedoxɔ la ƒe gadzraɖoƒe kple nudzraɖoƒe dzi.

23Tso Amramitɔwo, Izharitɔwo, Hebronitɔwo kple Uzielitɔwo dome la:

24Subael, Gersom ƒe dzidzimevi, ame si nye Mose ƒe viŋutsu la ƒe dɔ wònye be wòakpɔ gadzraɖoƒe la dzi.

25Dzidzime la tso Eliezer dzi yi ale: Eliezer dzi Rehabia, ame si dzi Yesaya, ame si dzi Yoram, Yoram dzi Zikri, ame si dzi Selomɔt.

26Wotia Selomɔt kple nɔviawo be woakpɔ nu siwo Fia David kple kplɔla bubuawo abe, asrafomegãwo ene, na Yehowa la dzi.

27Ame siawo kɔa afunyinu siwo wokpɔ to aʋawɔwɔ me la ŋu hena ŋu dɔ wɔwɔ le gbedoxɔ la me.

28Selomɔt kple nɔviawo kpɔa nu siwo ŋuti Nyagblɔɖila Samuel kple Saul, Kis ƒe vi kple Abner, Ner ƒe vi kple Yoab, Zeruya ƒe vi, kɔ na Yehowa kple nu siwo ame xɔŋkɔ bubuwo na Yehowa la dzi.

29Wotsɔ Kenania kple viawo tso Izhar ƒe viwo dome ɖo dɔdzikpɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.

30Wotia Hasabia kple eƒe hlɔ̃metɔ akpe ɖeka alafa adre (1,700) tso Hebron, ame siwo katã nye ame ŋkutawo la be, woakpɔ Israelvi siwo le Yɔdan tɔsisi la ƒe ɣetoɖoƒe la dzi. Woƒe dɔdeasie nye be woakpɔ afi ma tɔwo ƒe Mawusubɔbɔnyawo kple dukɔmenyawo dzi.

31Le Hebronitɔwo gome la, Yeriae nye woƒe tatɔ le ƒomeawo ƒe dzidzimegbalẽ lawo nu.

32Ƒometɔ akpe eve alafa adre (2,700) nɔ Yeria si. Ame siawo nye ame siwo ŋu ŋutete nɔ, wonye ƒometatɔwo. Fia David tsɔ wo ɖo Ruben ƒe viwo, Gad ƒe viwo kple Manase ƒe viwo ƒe afã nu be woakpɔ nya sia nya si ku ɖe Mawu kple fia la ŋu la gbɔ.

← Kronika 1 25 Kronika 1 Kronika 1 27 →