1David kple eƒe aʋafiawo ɖe Asaf ƒe viŋutsu aɖewo ɖe aga, Heman kple Yedutun na nyagbɔgblɔɖi ƒe dɔ eye kasaŋku, gakasaŋku kple asiʋuiwo ƒoƒo kplɔa wo ɖo. Ŋutsu siwo wɔa dɔ sia la ƒe ŋkɔwoe nye:
2Tso Asaf ƒe viŋutsuwo dome:
3Ame siwo tso Yedutun ƒe viŋutsuwo dome la woe nye:
4Ame siwo tso Heman ƒe viŋutsuwo domee nye:
5(Ame siawo katã nye Heman, fia la ƒe nukpɔla ƒe viŋutsuwo. Wotsɔ wo nɛ to Mawu ƒe ŋugbedodo me be woadoe ɖe dzi. Mawu na ƒe viŋutsu wuiene kple vinyɔnu etɔ̃ Heman.)
6Ŋutsu siawo katã nɔ wo fofo ƒe kpɔkplɔ te be woatsɔ gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo aƒo hawo le subɔsubɔ me le Mawu ƒe aƒe me.
7Woawo kple woƒe ƒometɔwo, ame siwo srɔ̃ hadzidzi henya hadzidzi na Yehowa nyuie la ƒe xexlẽmee nye alafa eve blaenyi-vɔ-enyi.
8Wotia hadzilawo to nudzidze me eye womebu nufiala alo nusrɔ̃vi ŋu o.
9Nudzidze gbãtɔ dze Yosef si tso Asaf ƒe ƒome me kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
10Nudzidze etɔ̃lia dze Zakur kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
11Nudzidze enelia dze Izri kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
12Nudzidze atɔ̃lia dze Netania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
13Nudzidze adelia dze Bukia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
14Nudzidze adrelia dze Yesarela kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
15Nudzidze enyilia dze Yesaya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
16Nudzidze asiekelia dze Matania kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
17Nudzidze ewolia dze Simei kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
18Nudzidze wuiɖekɛlia dze Azarel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
19Nudzidze wuievelia dze Hasabia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
20Nudzidze wuietɔ̃lia dze Sebuel kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
21Nudzidze wuienelia dze Matitia kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
22Nudzidze wuiatɔ̃lia dze Yeremot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
23Nudzidze wuiadelia dze Hananiya kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
24Nudzidze wuiadrelia dze Yosbekasa kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
25Nudzidze wuienyilia dze Hanani kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
26Nudzidze wuiasiekelia dze Maloti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
27Nudzidze blaevelia dze Eliata kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
28Nudzidze blaeve-vɔ-ɖekɛlia dze Hotir kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
29Nudzidze blaeve-vɔ-evelia dze Gidalti kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
30Nudzidze blaeve-vɔ-etɔ̃lia dze Mahaziot kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.
31Nudzidze blaeve-vɔ-enelia dze Romamti Ezer kple viawo kple nɔviawo dzi; wole ame wuieve.