We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 23 Kronika 1 Kronika 1 25 →

1Esiawoe nye Aron ƒe viŋutsuwo ƒe mama ɖe hawo me.

2Ke Nadab kple Abihu ku do ŋgɔ na wo fofo; viŋutsu aɖeke menɔ wo si o ale Eleazar kple Itamar wɔ dɔ abe nunɔlawo ene.

3David kple Zadok, ame si nɔ Eleazar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe kple Ahimelek, ame si nɔ Itamar ƒe hlɔ̃metɔwo teƒe la, ma Aron ƒe dzidzimeviwo ɖe hatsotsowo me be, woawɔ subɔsubɔdɔawo le ɣeyiɣi vovovoawo me.

4Woma Eleazar ƒe dzidzimeviwo ɖe akpa wuiade me eye woma Itamar tɔwo ɖe akpa enyi me elabena ame siwo ŋu amekpɔkplɔ ƒe ŋutete nɔ la, sɔ gbɔ le Eleazar ƒe dzidzimeviwo dome wu.

5Woda akɔ hafi de dɔawo asi na hatsotso vovovoawo ale be ameŋkumekpɔkpɔ aɖeke menɔ anyi o elabena Mawu ƒe ame xɔŋkɔwo kple amegãwo tso Eleazar kple Itamar ƒe ƒome me.

6Semaya, tso Levitɔwo dome, ame si fofoe nye Netanel la, nye nuŋlɔla. Eŋlɔ ameawo ƒe ŋkɔwo kple woƒe dɔdeasiwo da ɖi le fia la kple Nunɔla Zadok kple Ahimelek, Abiata ƒe vi kple Levitɔwo ƒe tatɔwo ŋkume. Wode dɔ ɖe sia ɖe asi na Eleazar ƒe viwo ƒe ha eveawo kple Itamar ƒe viwo ƒe ha ɖeka la sɔsɔe.

7Wodzidze nu hena dɔdede asi na hatsotsoawo le ɖoɖo sia nu:

8Hatsotso etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Harim.

9Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Malkiya.

10Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Hakɔz.

11Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Yesua.

12Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Eliasib.

13Hatsotso wuietɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Hupa.

14Hatsotso wuiatɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Bilga.

15Hatsotso wuiadrelia ƒe kplɔlae nye Hezir.

16Hatsotso wuiasiekelia ƒe kplɔlae nye Petahia.

17Hatsotso blaeve-vɔ-ɖekɛlia ƒe kplɔlae nye Yakin.

18Hatsotso blaeve-vɔ-etɔ̃lia ƒe kplɔlae nye Delaya

19Hatsotso ɖe sia ɖe wɔ eƒe dɔdeasi le gbedoxɔ la me abe ale si Mawu ɖoe da ɖi to wo fofo Aron dzi ene.

20Levitɔwo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔ bubuwoe nye esiawo:

21Isia nye Rehabia ƒe dzidzimevi;

22Yahat nye Izhar ƒe dzidzimevi to Selomot dzi;

23Hebron viwoe nye:

24Samir nye Uziel ƒe dzidzimevi to Mika dzi;

25Zekaria nye Uziel ƒe dzidzimevi to Isia, Mika nɔvi dzi;

26Mahli Musi kple Yaazia nye

27Viŋutsu etɔ̃ nɔ Yaazia si;

28Mahli dzi Eleazar ke eya medzi ŋutsuvi aɖeke o.

29Kis ƒe viŋutsuwoe nye Yerameel.

30Vi etɔ̃, Mahli, Eder kple Yeremot nɔ Musi si.

31Wodzidze nu hafi de dɔ asi na wo abe Aron ƒe dzidzimeviwo ene; womebu woƒe tsitsi alo ɖoƒe ŋu o. Wowɔe le Fia David, Zadok, Ahimelek kple nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Levitɔwo ŋkume.

← Kronika 1 23 Kronika 1 Kronika 1 25 →