1Esi David tsi, ku amegã eye wòxɔ ƒe geɖe la, etsɔ Via ŋutsu Solomo ɖo Fiae ɖe Israel nu.
2Eyɔ dukplɔlawo, nunɔlawo kple Levitɔwo katã le Israel ƒo ƒu hena fiaɖoɖo ƒe wɔnawo.
3Woxlẽ Levitɔ siwo xɔ ƒe blaetɔ̃ kple edzivɔwo eye wode ame akpe blaetɔ̃-vɔ-enyi (38,000).
4David gblɔ be, “Ame siawo dometɔ akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) akpɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu dzi eye ame akpe ade (6,000) nanye dɔnunɔlawo kple ʋɔnudrɔ̃lawo.
5Ame akpe ene (4,000) anye agbonudzɔlawo eye akpe ene (4,000) nakafu Yehowa kple haƒonu siwo metsɔ na mi hena Mawu kafukafu.”
6Le esia megbe la, ema wo ɖe akpa gã etɔ̃ me. Etsɔ Levi ƒe vi etɔ̃awo ƒe ŋkɔwo na mamawo eye wozu Gerson ƒe ha, Kohat ƒe ha kple Merari ƒe ha.
7Woma Gerson ƒe viwo hã ɖe akpa eve me
8Ladan ƒe viŋutsuwoe nye,
9Simei ƒe viŋutsuwoe nye,
10Simei ƒe viŋutsuwoe nye:
11(Yahat nye viŋutsu gbãtɔ eye Ziza nye evelia. Ke Yeus kple Beria medzi viŋutsu geɖewo o eya ta woxlẽ wo abe ƒome ɖeka ene eye dɔdeasi ɖeka nɔ wo si.)
12Wogama Kohat ƒe viwo ƒe hlɔ̃wo ɖe akpa ene me eye wotsɔ Kohat ƒe viwo ƒe ŋkɔwo na wo:
13Amram ƒe viwoe nye Aron kple Mose. Wotia Aron kple viawo da ɖi hena nuwo ŋu kɔkɔ kple vɔsasa le Yehowa ŋkume.
14Wobu Mose, Mawu ƒe dɔla ƒe viŋutsuwo ɖe Levitɔwo dome.
15Mose ƒe viŋutsuwoe nye,
16Gersom ƒe dzidzimeviwoe nye,
17Eliezer ƒe vi:
18Izhar ƒe viwo ƒe tatɔe nye Selomit.
19Hebron ƒe viwo ƒe tatɔe nye,
20Uziel ƒe vi gbãtɔe nye,
21Merari ƒe viwoe nye,
22Eleazar medzi viŋutsu aɖeke hafi ku o, via nyɔnuwo ɖe wo fofo nɔvi, Kis ƒe viŋutsuwo.
23Musi ƒe viwoe nye Mahli, Eder kple Yeremot.
24Le amexexlẽ la me la, woda Levi ƒe vi siwo katã xɔ ƒe blaeve kple edzivɔ la ɖe hlɔ̃ kple aƒekɔ siawo me eye woɖo na wo be woawɔ subɔsubɔdɔ le gbedoxɔ la me
25elabena David gblɔ be, “Yehowa, Israel ƒe Mawu la na ŋutifafa mí eye wòanɔ Yerusalem ɣe sia ɣi.
26Azɔ ya la, magahiã be Levitɔwo natsɔ Agbadɔ la kple nu siwo ŋu dɔ woawɔ le eme la tso teƒe ɖeka ayi teƒe bubu o.”
27Levitɔwo xexlẽe nye nu mamlɛtɔ si David wɔ hafi ku.
28Levitɔwo ƒe dɔe nye be, woakpe ɖe Aron ƒe dzidzimeviwo ŋu le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe dɔwo wɔwɔ me. Woawoe akpɔ, xɔxɔnuawo, xɔŋuxɔewo, nu kɔkɔeawo ŋu kɔkɔ ƒe wɔnawo dzi kple dɔ bubuwo wɔwɔ le Mawu ƒe aƒe la me.
29Woawoe tsɔa ŋkumeɖobolo ɖoa kplɔ̃ dzi, tua wɔ hena nuɖuvɔsawo, mea akpɔnɔ kple amɔ maʋamaʋã, blua abolowɔ hemenɛ eye wokpɔa nudanuwo kple nudzidzenuwo katã dzi.
30Enɔ na wo hã be woatsi tsitre ada akpe, akafu Mawu ŋdi sia ŋdi. Woawɔ alea fiẽ sia fiẽ hã.
31Nenema kee woawɔ nenye be wole numevɔwo sam na Yehowa le Dzudzɔgbe ŋkekewo dzi, Dzinu yeye ŋkekenyuiwo kple ŋkekenyui ɖoɖi bubuwo dzi. Enɔ na wo be woasubɔ le Yehowa ŋkume le agbɔsɔsɔ aɖe sinu me ɣe sia ɣi le ɖoɖo si wogblɔ ɖa ɖi na wo la nu.
32Ale Levitɔwo wɔa woƒe dɔdeasiwo le Agbadɔ la me, le Kɔkɔeƒe la me eye wowɔnɛ le wo nɔvi siwo nye Aron ƒe dzidzimeviwo la ƒe dzikpɔkpɔ te. Wowɔa dɔ siawo katã le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.