1Esiae nye Israelviwo ƒe hatsotsowo le ƒometatɔwo, ame akpewo ƒe tatɔwo, ame alafawo ƒe tatɔwo kple woƒe dɔnunɔlawo nu, ame siwo wɔ dɔ na fia la le aʋakɔ la ƒo hatsotsowo me, ame siwo nɔa dɔme dzinu ɖeka ɖe wo nɔewo yome le ƒea me. Ŋutsu akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) nɔ hatsotso ɖe sia ɖe me.
2Yasobeam, Zabdiel ƒe viŋutsu, nɔ hatsotso gbãtɔ nu le ɣleti gbãtɔ me. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ eƒe hatsotso la me.
3Enye Perez ƒe dzidzimevi eye wònye amegã nɔ asrafomegãwo nu le ɣleti gbãtɔ me.
4Hatsotso evelia ƒe tatɔe nye Dodai, Ahohitɔ ƒe dzidzimevi. Ekpɔ ame akpe blaeve-vɔ-ene (24,000) dzi eye eƒe amewo wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti evelia me. Eƒe kpeɖeŋutɔe nye Miklɔt.
5Aʋakɔ etɔ̃lia na ɣleti etɔ̃lia ƒe tatɔe nye Benaya, Yehoiada, Nunɔla la ƒe viŋutsu. Ame akpe blaeve-vɔ-enee (24,000) nɔ ete.
6Benaya sia nye ame sesẽ si nɔ Ame Blaetɔ̃awo dome kple woƒe tatɔ. Via ŋutsu Amizabad nye hatsotso la ƒe tatɔ.
7Hatsotso enelia ƒe tatɔe nye Asahel, Yaob nɔvi, ame si teƒe via Zebadia va xɔ ɖo emegbe. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enelia me.
8Hatsotso atɔ̃lia ƒe tatɔe nye Samut tso Izra. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ƒe sia ƒe ƒe ɣleti atɔ̃lia me.
9Hatsotso adelia ƒe tatɔe nye Ira, ame si nye Ikes tso Tekoa ƒe vi. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adelia me.
10Hatsotso adrelia ƒe tatɔe nye Helez tso Pelɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti adrelia me.
11Hatsotso enyilia ƒe tatɔe nye Sibekai tso Husasi ƒe hlɔ̃ me tso Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti enyilia me.
12Hatsotso asiekelia ƒe tatɔe nye Abiezer, tso Anatɔt tso Benyamin ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti asiekelia me.
13Hatsotso ewolia ƒe tatɔe nye Maharai tso Netofa le Zera. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti ewolia me.
14Hatsotso wuiɖekɛlia ƒe tatɔe nye Benaya tso Piratɔn le Efraim. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuiɖekɛlia me.
15Hatsotso wuievelia ƒe tatɔe nye Heldai tso Netofa, tso Otniel ƒe viwo dome. Eƒe ame akpe blaeve-vɔ-eneawo (24,000) wɔa dɔ le ɣleti wuievelia me.
16Israel ƒe toawo nunɔlawo le ale:
17Levi ƒe viwo Nunɔlae nye Hasabia, Kemuel ƒe vi;
18Yuda ƒe viwo Nunɔlae nye Elihu, Fia David nɔvi;
19Zebulon ƒe viwo Nunɔlae nye Ismaya, Obadia ƒe vi;
20Efraim ƒe viwo Nunɔlae nye Hosea, Azazia ƒe vi;
21Manase ƒe viwo ƒe afã evelia nɔ Gilead, wo Nunɔlae nye Ido, Zekaria ƒe vi.
22Dan ƒe viwo Nunɔlae nye Azarel, Yeroham ƒe vi.
23David mexlẽ ame siwo mexɔ wu ƒe blaeve la o elabena Yehowa do ŋugbe be yeana Israelviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo ene.
24Ame si dze amexexlẽ la gɔmee nye Yoab, Zeruya ƒe vi gake mete ŋu wu enu o elabena Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu eya ta womede amexexlẽ sia ƒe nukpɔkpɔ Fia David ƒe ŋutinya me o.
25Azmavet, Adiel ƒe vi, nye tatɔ na ame siwo kpɔa fia la ƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe dzi
26Ezri, Kelub ƒe vi kpɔa ame siwo wɔa dɔ le agblewo me la dzi.
27Simei, tso Ramat kpɔ fia la ƒe waingblewo dzi eye Zabdi, Sifmitɔ kpɔa eƒe wainfiafia kple edzadzraɖo dzi.
28Baal Hanan tso Gedera kpɔa fia la ƒe amiti kple gboti siwo le gbadzaƒe si do liƒo kple Filistitɔwo ƒe anyigba dzi eye Yoas kpɔa ami si ŋu dɔ wowɔna la dzi.
29Sitrai, tso Saron kpɔa nyi siwo le Saron ƒe gbeɖuƒe la dzi
30Obil, Ismaeltɔ la, kpɔ kposɔwo dzi eye Yehdeia, Meronotitɔ la kpɔa tedziwo dzi.
31Alẽwo nɔ Yaziz, Hagritɔ la ƒe dzikpɔkpɔ te. Ame siawoe nye Fia David ƒe kesinɔnuwo dzikpɔlawo.
32Yonatan, Fia David tɔɖia, nye aɖaŋuɖola nyui aɖe; gɔmesese le esi eye wònye agbalẽŋlɔ la hã.
33Ahitofel nye fia la ƒe aɖaŋuɖola eye Husai, Arkitɔ la, nye fia xɔlɔ̃.
34Esi Ahitofel ku la, Abiata kple Yehoiada, Benaya ƒe vi, zu aɖaŋuɖolawo,