We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yeremia 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yeremia 17 Yeremia Yeremia 19 →

1Esiae nye Yehowa ƒe gbe si va na Yeremia,

2“Tso nàyi ɖe zemela ƒe aƒe me, eye le afi ma matsɔ nye gbedeasi na wo.”

3Ale meyi ɖe zemela ƒe aƒe me eye mekpɔe wònɔ dɔ wɔm le zemenu dzi.

4Ke ze si mem wòle la gbã ɖe eƒe asiwo me, eya ta zemela la tsɔ anyi la me ze bubu ale si dze eya zemela la ŋu.

5Tete Yehowa ƒe gbe va nam bena,

6“Yehowa be O Israel ƒe aƒe, ɖe nyemate ŋu awɔ na wò abe ale si zemela sia wɔ ene oa? O Israel ƒe aƒe, abe ale si anyi nɔa zemela ƒe asi me ene la, nenema miele nye asimee.

7Ne ɣe aɖe ɣi meɖe gbeƒã be maho dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe kple ke, agbãe, ahatsrɔ̃e,

8eye dukɔ si ŋu megblɔ nya la ɖo la trɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi vavã la, ekema matrɔ susu eye nyemagahe gbegblẽ si meɖo ɖe eŋuti la ava edzi o.

9Ke ne meɖe gbeƒã ɣe bubu ɣi be maɖo dukɔ alo fiaɖuƒe aɖe te, ahade eƒe agunu to

10gake wòwɔ nu si nye vɔ̃ le nye ŋkume eye meɖo tom o la, ekema matrɔ susu le nu nyui si meɖo be mawɔ nɛ hafi la ŋuti.

11“Azɔ gblɔ na ame siwo le Yuda kple Yerusalem be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa, meɖo gbegblẽ ɖe mia ŋu eye mele nugbe ɖom ɖe mia ŋu. Mia dometɔ ɖe sia ɖe netrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi eye miaɖɔ miaƒe mɔwo kple wɔnawo ɖo.’

12Gake woaɖo eŋu be, ‘Mehiã o; miayi edzi awɔ miaƒe lɔlɔ̃nu eye mia dometɔ ɖe sia ɖe adze eƒe dzi vɔ̃ɖi kple aglãdzenuwo yome.’ ”

13Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi:

14Ɖe tsikpe si dzana ɖe Lebanon ƒe

15Ke nye amewo ŋlɔm be hedoa dzudzɔ ʋeʋĩ na legba

16Woana woƒe anyigba nazu gbegbe,

17Makaka wo le woƒe futɔwo ŋgɔ abe ɣedzeƒeya ene.

18Tete wogblɔ be, “Miva, mina míaɖo nugbe ɖe Yeremia ŋu, elabena mele be nunɔlawo ƒe se la fiafia, nunyalawo ƒe aɖaŋudede alo nyagblɔɖilawo ƒe nyawo nabu o, eya ta miva míawɔ avu kplii kple míaƒe aɖewo, eye míado toku nu sia nu si wòagblɔ.”

19Yehowa, ɖo tom, se nu si gblɔm nunyetsolawo le la ɖa!

20Ɖe woatsɔ vɔ̃ aɖo nyui teƒea?

21Eya ta tsɔ wo viwo de asi na dɔwuame,

22Na be avifafa naɖi le woƒe aƒewo me

23O Yehowa, wò la, ènya nugbe si woɖo ɖe ŋunye be yewoawum.

← Yeremia 17 Yeremia Yeremia 19 →