We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yeremia 17

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yeremia 16 Yeremia Yeremia 18 →

1“Wotsɔ ganuŋlɔnu kple nuŋlɔti

2Wo viwo gɔ̃ hã ɖo ŋku woƒe vɔsamlekpuiwo

3Matsɔ nye to si le anyigba dzi,

4To miawo ŋutɔ ƒe vodada me la,

5Ale Yehowa gblɔe nye esi:

6Anɔ abe gbe le dzogbenyigba dzi ene

7“Ke woayra ŋutsu si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu

8Eya amea anɔ abe ati si wodo ɖe tɔ to,

9Ame ƒe dzi nye nu si daa alakpa wu nuwo katã

10“Nye Yehowae dzroa dziwo me,

11Abe ale si koklo ƒoa azi si menye etɔ o ene la,

12Ŋutikɔkɔe ƒe fiazikpui si wodo ɖe dzi

13O Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ,

14Yɔ dɔm, O Yehowa eye makpɔ dɔyɔyɔ.

15Wole biayem ɖaa be,

16Nyemesi dzo be nyemaganye wò alẽkplɔla o;

17Mèganye ŋɔdzinu nam o

18Na ŋu nakpe yonyemetilawo, ke nye ya,

19Ale si Yehowa gblɔ nam lae nye esi: “Yi, nàtsi tsitre ɖe agbo si me dua me tɔwo kple Yuda fiawo tona dona, gagbɔna la nu. Nenema ke, nàtsi tsitre ɖe agbo bubu siwo woɖo ɖe Yerusalem dua ŋu la nu.

20Gblɔ na wo be, ‘Mise Yehowa ƒe nya, O Yuda fiawo kple mi Yudatɔwo katã kple mi ame siwo katã le Yerusalem, ame siwo toa agbo siawo me.’

21Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mikpɔ nyuie be miagatsɔ agba aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi alo atsɔe ato Yerusalem ƒe agbowo mee o.

22Migatsɔ agba aɖeke do goe tso miaƒe aƒewo me loo alo awɔ dɔ aɖeke le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi o, ke boŋ miwɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe abe ale si mede see na mia fofowo la ene.

23Gake womeɖo to alo ƒu to anyi o. Wonye kɔlialiatɔwo eye womeɖo to alo bɔbɔ ɖe hehe te o.

24Ke Yehowa be ne miedze kɔ anyi heɖo tom, eye mietsɔ agba aɖeke to du sia ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe dzi o, ke boŋ miewɔ Dzudzɔgbe ŋkeke la kɔkɔe, eye miewɔ dɔ aɖeke le edzi o la,

25ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ava to du sia ƒe agbowo me kple woƒe dumegãwo. Wo kple woƒe dumegãwo anɔ tasiaɖamwo me kple sɔwo dzi ava, Yudatɔwo kple ame siwo le Yerusalem la akplɔ wo ɖo eye du sia anye amenɔƒe tegbee.

26Amewo ava tso Yuda duwo kple kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem la me, woava tso Benyaminyigba dzi kple ɣetoɖoƒebaliwo me, tso keke togbɛnyigbawo dzi kple gbegbenutowo me. Woatsɔ numevɔsawo, akpedavɔsawo, nuɖuvɔsawo, atike ʋeʋĩwo kple kafukafuvɔsawo ava Yehowa ƒe aƒe mee.

27Gake ne miegbe toɖoɖom, miewɔ Dzudzɔgbe la kɔkɔe o, mietsɔ agba to Yerusalem ƒe agbowo me le Dzudzɔgbe ŋkeke la dzi la, ekema mado dzo matsimatsi ɖe Yerusalem ƒe agbowo nu eye wòafia eƒe mɔ sesẽwo.’ ”

← Yeremia 16 Yeremia Yeremia 18 →