We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yesaya 39

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yesaya 38 Yesaya Yesaya 40 →

1Le ɣe ma ɣi la, Marduk Baladan, si nye Babilonia fia Baladan ƒe vi la dɔ amewo ɖa be woatsɔ agbalẽ kple nunana ayi na Hezekia elabena ese eƒe dɔdzedze kple hayahaya.

2Hezekia xɔ ame dɔdɔawo kple dzidzɔ, eye wòtsɔ nu siwo katã le eƒe nudzraɖoƒe la fia wo; esiwo nye klosalo, sika, atike ʋeʋĩwo, ami tɔxɛwo, aʋawɔnu siwo katã le esi kple nu sia nu si le eƒe kesinɔnuwo dzraɖoƒe. Naneke mele fiasã alo fiaɖuƒe blibo la me si Hezekia mefia wo o.

3Emegbe la, Nyagblɔɖila Yesaya yi ɖe Fia Hezekia gbɔ ɖabiae be, “Nya ka ame siawo gblɔ, eye afi ka wotso?”

4Nyagblɔɖila la biae be, “Nu ka wokpɔ le wò fiasã me?”

5Tete Yesaya gblɔ na Hezekia be, “Ɖo to nya si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔ.

6Ŋkekewo li gbɔna, esiwo me nu sia nu si le wò fiasã me, kpe ɖe nu siwo katã fofowòwo dzra ɖo ŋu la, woalɔ wo katã ayi ɖe Babilonia. Naneke masusɔ o. Yehowae gblɔe.

7Wò dzidzimevi aɖewo kple vi siwo wodzi na wò ŋutɔ hã, woakplɔ wo adzoe, eye woazu ŋutsu tata siwo anye aƒedzikpɔlawo le Babilonia fia ƒe fiasã me.”

8Hezekia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya siwo nègblɔ la nyo,” elabena esusu be, “Ŋutifafa kple dedinɔnɔ anɔ yeƒe agbemeŋkekewo me.”

← Yesaya 38 Yesaya Yesaya 40 →