We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yesaya 38

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yesaya 37 Yesaya Yesaya 39 →

1Le ŋkeke mawo me la, Hezekia dze dɔ, eye wòɖo kudo nu. Nyagblɔɖila Yesaya, Amoz ƒe vi, yi egbɔ, eye wògblɔ nɛ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ɖɔ wò aƒe ɖo, elabena èle kuku ge, eye màhaya o.’ ”

2Hezekia trɔ mo ɖo ɖe gli ŋu, eye wòdo gbe ɖa, ɖe kuku na Yehowa be,

3“O! Yehowa, ɖo ŋku ale si metsɔ dzi blibo kple nyateƒe zɔ le ŋkuwò mee, eye mewɔ nu si nyo le ŋkuwòme la dzi.” Eye Hezekia fa avi kple ɣli.

4Tete Yehowa ƒe gbe va na Yesaya be:

5“Yi nàgblɔ na Hezekia be, ‘Ale Yehowa, fofowò David ƒe Mawu la gblɔe nye esi, “Mese wò gbedodoɖa, eye mekpɔ wò aɖatsiwo. Matsɔ ƒe wuiatɔ̃ akpe ɖe wò agbenɔƒewo ŋu.”

6Maɖe wò kple du sia tso Asiria fia ƒe asi me. Maʋli du sia ta.

7“ ‘Esiae nye Yehowa ƒe dzesi na wò, be Yehowa awɔ nu si ŋugbe wòdo.

8Mana be vɔvɔli nagbugbɔ ɖe megbe ɖoƒe ewo tso Ahaz ƒe ɣetrɔti gbɔ.’ ” Ale ɣe ƒe vɔvɔli he ɖe megbe ɖoƒe ewo.

9Esiae nye Yuda fia, Hezekia, ƒe nyaŋlɔɖiwo, esi wòhaya tso eƒe dɔléle la me vɔ megbe:

10Megblɔ be, “Le nye agbe ƒe kekeli me,

11Megblɔ be, “Nyemagakpɔ Yehowa o.

12Womu nye agbadɔ hexɔe le asinye

13Melala dzigbɔɖitɔe va se ɖe fɔŋli,

14Medo ɣli abe sagbadre alo tsalĩ ene,

15Nu ka gblɔ ge mala? Egblɔ nya nam,

16O! Aƒetɔ, nu siawo ŋue amewo nɔa agbe ɖo,

17Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae

18Elabena yɔdo mate ŋu akafu wò o,

19Ame gbagbewo koe akafu wò

20Yehowa aɖem, eye míadzi ha

21Azɔ Yesaya gblɔ be, “Mitsɔ gbotsetse miaɖu, atikee. Mitsɔe ɖo ƒoƒoea dzi nɛ ekema ahaya.”

22Hezekia bia be, “Nu kae anye dzesi be magayi Yehowa ƒe gbedoxɔ me?”

← Yesaya 37 Yesaya Yesaya 39 →