We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 2 Kronika 1 Kronika 1 4 →

1Esiawoe nye David ƒe viŋutsu siwo wodzi nɛ le Hebron:

2Via ŋutsu etɔ̃liae nye Absalom, ame si Maaka, Gesur Fia, Talmai ƒe vinyɔnu dzi nɛ.

3Via atɔ̃liae nye Sefatia eye dadae nye Abital

4Wodzi ŋutsu ade siawo na Fia David le Hebron, afi si wòɖu fia le ƒe adre kple afã.

5Esi David nɔ Yerusalem la, srɔ̃a Batseba, Amiel ƒe vinyɔnu dzi vi ene siwoe nye:

6Vi asieke bubuwo ganɔ David si; woawoe nye: Ibhar, Elisama, Elifelet,

7Noga, Nefeg, Yafia,

8Elisama, Eliada kple Elifelet.

9Vi siwo nyɔnu bubuwo dzi nɛ la mele ame siawo dome o. Vinyɔnu aɖe hã nɔ David si; eŋkɔe nye Tamar.

10Fia Solomo ƒe dzidzimeviwoe nye Rehoboam,

11Yoram alo Yehoram,

12Amazia,

13Ahaz,

14Amon kple Yosia.

15Yosia ƒe viwoe nye,

16Ame siwo ɖu fia ɖe

17Yehoyatsin, ame si wolé la ƒe dzidzimeviwoe nye,

18Malkiram, Pedaya, Senazar, Yekamia, Hosama kple Nedadia.

19Pedaya ƒe viŋutsuwoe nye,

20Via ŋutsu atɔ̃ bubuwoe nye Hasuba, Ohel, Berekia, Hasadia kple Yusab Hesed.

21Hananiya ƒe dzidzimeviwoe nye,

22Sekania ƒe dzidzimeviwoe nye,

23Viŋutsu etɔ̃ nɔ Nearia si; woawoe nye,

24Vi adre nɔ Elioenai si: Woawoe nye Hodavia, Eliasib, Pelaya, Akub, Yohanan, Delaya kple Anani.

← Kronika 1 2 Kronika 1 Kronika 1 4 →