1Esiawoe nye Israel ƒe viŋutsuwo: Ruben, Simeon, Levi, Yuda, Isaka, Zebulon,
2Dan, Yosef, Benyamin, Naftali, Gad kple Aser.
3Yuda dzi ŋutsuvi etɔ̃ kple Bat Sua, Kanaan ɖetugbi aɖe. Woawoe nye
4Er ƒe ahosi, Tamar kple Er fofo, Yuda, wodzi evenɔviwo: Perez kple Zera;
5Perez ƒe viwoe nye:
6Zera ƒe viwo nye:
7Aka, Karmi ƒe vie nye
8Etan ƒe vie nye
9Hezron ƒe viwoe nye
10Ram dzi Aminadab
11Nahson dzi Salma
12Boaz dzi Obed
13Yese ƒe vi gbãtɔe nye
14eneliae nye Netanel,
15adelia nye Ozem
16Srɔ̃a ma ke dzi vinyɔnuvi eve nɛ. Woawoe nye Zeruia kple Abigail.
17Yeter, ame si nye ŋutsu aɖe tso Ismael nyigba dzi la ɖe Abigail eye wòdzi ŋutsuvi aɖe si wona ŋkɔe be Amasa la nɛ.
18Kaleb, Hezron ƒe vi ɖe srɔ̃ eve, Azuba kple Yeriot. Azuba ƒe viwoe nye:
19Esi Azuba ku la, Kaleb ɖe Efrat eye wòdzi ŋutsuvi, Hur, nɛ.
20Hur ƒe vie nye Uri eye Uri hã dzi Bezalel.
21Esi Hezron xɔ ƒe blaade la eɖe Makir ƒe vinyɔnu eye wòdzi ŋutsuvi, Segub nɛ. Makir ƒe vi bubue nye Gilead.
22Segub nye Yair fofo. Du blaeve-vɔ-etɔ̃ nɔ Yair ƒe kpɔkplɔ te le Gileadnyigba dzi.
23(Ke Gesur kple Aram xɔ Havot Yair kple Kenat kple du sue blaade siwo ƒo xlãe la le esi sesẽtɔe.)
24Esi Hezron ku le Kaleb Efrata la, Abiya, Hezron srɔ̃ dzi Asur, Tekoa fofo.
25Hezron ƒe vi tsitsitɔ, Yerameel ƒe viwoe nye:
26Yerameel srɔ̃ evelia, Atara, dzi Onam.
27Ram ƒe viwoe nye
28Onam ƒe viwoe nye
29Abisur kple srɔ̃a Abihail dzi Aban kple Molid.
30Nadab ƒe viwoe nye
31Apaim ƒe vie nye
32Samai nɔvi dzi ŋutsuvi eve:
33ke Yonatan dzi vi eve:
34Viŋutsu aɖeke menɔ Sesan si o; vinyɔnuwo koe nɔ esi.
35Sesan tsɔ via nyɔnu na eƒe dɔlaŋutsu, Yarha, wòɖe eye wodzi Atai.
36Atai dzi Natan,
37ame si dzi Eflal,
38ame si dzi Yehu,
39Azaria dzi Helez,
40ame si dzi Sismai,
41Salum dzi Yekamia
42Kaleb, Yerameel nɔvi ƒe vi tsitsitɔe nye
43Hebron ƒe viwoe nye
44Sema dzi Raham
45Samai dzi Maon
46Kaleb kple eƒe ahiãvi, Efa, wodzi
47Yahdai dzi
48Kaleb ƒe ahiãvi, Maaka, dzi
49Egadzi Saaf, ame si nye Madmana fofo
50Hur, ame si nye Kaleb kple Efrata ƒe vi tsitsitɔ la,
51Salma, Betlehem fofo kple Haref, Bet Gader fofo.
52Sobal ƒe viwoe nye Kiriat Yearim kple
53Kiriat Yearim ƒe dzidzimeviwoe nye Yatiritɔwo, Putitɔwo, Sumatitɔwo kple Misraitɔwo, ame siwo me Zoratitɔwo kple Estaolitɔwo do tso.
54Salma ƒe viwoe nye:
55agbalẽŋlɔlawo ƒe ƒome siwo nɔ Yabez: Tiratitɔwo, Imeatitɔwo kple Sukatitɔwo. Ame siawo katã nye Kenitɔwo eye wodzɔ tso Hamat me, ame si nye Rekab ƒe ƒome la fofo.