We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Zekaria 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Zekaria 3 Zekaria Zekaria 5 →

1Mawudɔla si ƒo nu kplim la, trɔ gbɔ va nyɔm abe ɖe menɔ alɔ̃ dɔm ene.

2Ebiam be, “Azɔ la, nu ka kpɔm nèle?”

3Amiti eve le axawo dzi nɛ; ɖeka le ɖusime, evelia le miame.”

4Mebia mawudɔla si ƒo nu kplim la be, “Nu kawoe nye esiawo, nye aƒetɔ?”

5Mawudɔla la trɔ biam be, “Vavã, mènya nu si nu siawo nye oa?”

6Egblɔ nam be, “Esia nye Yehowa ƒe gbedeasi na Zerubabel: ‘Menye ŋusẽ alo kalẽ o, ke boŋ Mawu ƒe Gbɔgbɔe.’ Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.

7“Nu ka nènye, O, to si ŋu ŋusẽ le? Àzu anyigba sɔsɔe le Zerubabel ŋkume, ahe tamekpe la ado goe ne ɣli le ɖiɖim be, ‘Mawu neyrae! Mawu neyrae!’ ”

8Tete Yehowa ƒe gbe va nam be,

9“Zerubabel ƒe asie ɖo gbedoxɔ sia ƒe gɔmeɖokpe anyi, eya ta eƒe asie awu enu. Ekema mianya be Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae dɔm ɖe mia gbɔ.

10“Ame ka ado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue? Dzi adzɔ amewo, ne wokpɔ dzidzeka le Zerubabel ƒe asi me. Akaɖi adre siawoe nye Yehowa ƒe ŋku siwo wòtsɔna tsana le anyigba katã dzii.”

11Mebia mawudɔla la be, “Nu kae nye amiti eve siwo le ɖusime kple miame na akaɖiti la?”

12Megabia be, “Nu kawoe nye amiti ƒe alɔdze eve siwo le sika ƒe alɔ siwo me sikami dona tsona?”

13Eɖo eŋu be, “Mènya nu si wonye oa?”

14Ale wògblɔ nam be, “Woawoe nye ame eve siwo wosi ami na be woasubɔ anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ.”

← Zekaria 3 Zekaria Zekaria 5 →