We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Mose 4 26

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Mose 4 25 Mose 4 Mose 4 27 →

1Esi dɔvɔ̃ la nu tso la, Yehowa gblɔ na Mose kple Eleazar, si nye nunɔla Aron ƒe viŋutsu be,

2“Mixlẽ Israelvi siwo katã xɔ ƒe blaeve alo wu nenema ne miakpɔ ame siwo ate ŋu ayi aʋa tso to ɖe sia ɖe kple hlɔ̃ ɖe sia ɖe me.”

3Ale le Moab tagba, le Yɔdan gbɔ tso Yeriko, Mose kple Eleazar, nunɔla la, ƒo nu kple wo, eye wogblɔ be,

4“Mixlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema, abe ale si Yehowa ɖo na Mose ene.”

5Ruben nye Israel ƒe ŋgɔgbevi.

6Hezron, ame si dzi Hezron hlɔ̃ la,

7Esiawoe nye Ruben ƒe hlɔ̃metɔwo; ame siwo wotia xlẽ le wo me la le ame akpe blaene-vɔ-etɔ̃, alafa adre blaetɔ̃ (43,730).

8Palu ƒe vie nye Eliab,

9eye Eliab ƒe viwoe nye Nemuel, Datan kple Abiram. Ame eve siawo, Datan kple Abiram woe nye ame siwo wɔ ɖeka kple Korah ɖe Mose kple Aron ŋu, to esia me wotsi tsitre ɖe Yehowa ŋu.

10Eya ta anyigba ke nu mi wo, eye dzo tso Yehowa gbɔ wu ame alafa eve blaatɔ̃ (250) wòzu ŋkuɖodzinu.

11Ke hã la, Korah ƒe viwo katã metsrɔ̃ o.

12Simeon ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

13Zera, ame si dzi Zera hlɔ̃ la,

14Simeon ƒe hlɔ̃metɔwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaeve-vɔ-eve, alafa eve (22,200).

15Gad ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

16Ozni, ame si dzi Ozni hlɔ̃ la,

17Arɔd, ame si dzi Arɔd hlɔ̃ la,

18Esiawoe nye Gad ƒe viŋutsuwo, ame siwo wotia xlẽ la ƒe xexlẽme le ame akpe blaene, alafa atɔ̃ (40,500).

19Yuda ƒe viwoe nye Er kple Onan, ame siwo ku le Kanaanyigba dzi.

20Yuda ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

21Perez ƒe viŋutsuwoe nye:

22Ame siwo wotia xlẽ le Yuda ƒe ƒome me la le ame akpe blaadre-vɔ-ade, alafa atɔ̃ (76,500).

23Isaka ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me woe nye:

24Yasub, ame si dzi Yasub hlɔ̃ la;

25Ame siwo wotia xlẽ le Isaka ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaade-vɔ-ene alafa etɔ̃ (64,300).

26Zebulon ƒe viŋutsuwo le woƒe towo nue nye:

27Ame siwo wotia xlẽ le Zebulon ƒe ƒome me la le ame akpe blaade, alafa atɔ̃ (60,500).

28Yosef ƒe viwoe nye Manase kple Efraim:

29Manase ƒe viŋutsuwoe nye:

30Gilead ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye esiawo.

31Asriel, ame si dzi Asriel hlɔ̃ la,

32Semida, ame si dzi Semida hlɔ̃ la,

33(Zelofehad, medzi ŋutsuvi aɖeke o. Via nyɔnuviwo ƒe ŋkɔwoe nye Mahla, Noa, Hogla, Milka kple Tirza.)

34Esiawoe nye Manase ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme le ame akpe blaatɔ̃ vɔ eve alafa adre (52,700).

35Efraim ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

36Sutela vi nye Eran, ame si dzi Eran hlɔ̃ la.

37Ame siawoe nye Efraim ƒe viŋutsuwo. Ame siwo wotia xlẽ la le ame akpe blaetɔ̃-vɔ-eve, alafa atɔ̃ (32,500).

38Benyamin ƒe viŋutsuwo kple hlɔ̃ siwo dzɔ tso wo me la woe nye:

39Sefufam, ame si dzi Sefufam hlɔ̃ la,

40Bela viwoe nye Ard kple Naaman:

41Esiawoe nye Benyamin ƒe hlɔ̃metɔwo, ame siwo ƒe xexlẽme nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃ alafa ade (45,600).

42Dan viwoe nye esi le woƒe ƒome nu:

43Wo katã nye Suham hlɔ̃ si ƒe xexlẽme nye ame akpe blaade-vɔ-ene, alafa ene (64,400).

44Aser ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye:

45Woma Beria hlɔ̃ la ɖe akpa eve me:

46Aser ƒe vinyɔnu ŋkɔe nye Sera.

47Ame siwo wotia xlẽ le Aser ƒe viwo ƒe hlɔ̃ me la le ame akpe blaatɔ̃-vɔ-etɔ̃, alafa ene (53,400).

48Naftali ƒe viŋutsuwo kple woƒe hlɔ̃woe nye:

49Yezer, ame si dzi Yezer hlɔ̃ la,

50Ame siwo wotia xlẽ le Naftali ƒe hlɔ̃ me la nye ame akpe blaene-vɔ-atɔ̃, alafa ene (45,400).

51Ale Israel ŋutsu siwo katã ate ŋu ade aʋa la de ame akpe alafa ade kple ɖeka, alafa adre blaetɔ̃ (601,730).

52Azɔ Yehowa gblɔ na Mose be,

53“Wòama anyigba la ɖe to vovovoawo dome le toawo me tɔwo ƒe agbɔsɔsɔ nu, abe ale si amexexlẽ la fia ene.

54To siwo me amewo sɔ gbɔ le la, woaxɔ anyigba wòalolo, eye to siwo me amewo mesɔ gbɔ le o la ƒe anyigba nanɔ sue.

55Yehowa ɖo na Mose be, Kpɔ egbɔ be yewodzidze nu hafi ma anyigba la, eye woaxɔ domenyinu ɖe wo fofowo ƒe towo ƒe ŋkɔ nu.

56Woama domenyinu ɖe sia ɖe to akɔdada me ɖe to gãwo kple to suewo siaa dome.”

57Levi ƒe viwo ƒe hlɔ̃ siwo me woxlẽ ame le le amexexlẽa me la kple ame siwo me wodzɔ tso la woe nye:

58Levi ƒomea me tɔwoe nye,

59Amram srɔ̃ ŋkɔe nye Yohebed, Levi ƒe dzidzimevi, ame si wòdzi na Levi ƒe viwo le Egipte.

60Aron ƒe viŋutsuwoe nye Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar.

61Nadab kple Abihu woku esi wodo dzudzɔ makɔmakɔ na Yehowa.)

62Levi ƒe vi siwo katã woxlẽ wonye ŋutsuwo, eye woxɔ ɣleti ɖeka alo wu nenema la de ame akpe blaeve-vɔ-etɔ̃ (23,000). Ke womebu Levi ƒe viwo de Israelviwo ƒe amexexlẽ ƒe nukpɔkpɔ blibo la me o, elabena womena anyigba Levi ƒe viwo esi woma anyigba ɖe toawo dome o.

63Ale esiae nye Israelvi siwo Mose kple nunɔla Eleazar tia xlẽ le Moab gbegbe le Yɔdan tɔsisi la to le Yeriko kasa.

64Wo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã menɔ ame siwo Mose kple nunɔla Eleazar xlẽ esime woxlẽ Israelviwo le Sinai gbegbe la dome o.

65Elabena Yehowa gblɔ na Israelvi mawo be, woaku godoo le gbegbe la; wo dometɔ aɖeke mesusɔ o, negbe Kaleb, Yefune ƒe viŋutsu kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu.

← Mose 4 25 Mose 4 Mose 4 27 →