We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Mose 4 24

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Mose 4 23 Mose 4 Mose 4 25 →

1Balaam dze sii azɔ be edze Yehowa ŋu be yeayra Israel, eya ta megayi ɖaka nu abe ale si wòwɔna tsã la ene o, ke boŋ edze ŋgɔ gbegbe la.

2Esi Balaam kpɔ eŋgɔ la, ekpɔ Israelviwo woƒu asaɖa anyi ɖe woƒe to vovovoawo me. Tete Mawu ƒe Gbɔgbɔ ɖiɖi ɖe edzi,

3eye wògblɔ nya ɖi be,

4ame si sea Mawu ƒe nya la ƒe nyagblɔɖi,

5“O! Yakob, wò agbadɔwo dzeani loo!

6“Wokeke abe balimewo ene.

7Tsi asi tso woƒe tɔkpowo me.

8“Mawu kplɔ wo do goe tso Egipte.

9Wole adeklo dzi abe dzata ene,

10Fia Balak do dɔmedzoe vevie azɔ ɖe Balaam ŋu. Eƒo asikpe hedo ɣli be, “Meyɔ wò be nàƒo fi ade nye futɔwo, ke nèyra wo boŋ zi etɔ̃.

11Dzo le afi sia! Trɔ yi mia de! Medi be made bubu gã aɖe ŋuwò, ke Yehowa te wò ɖe megbe tso bubu gã sia gbɔ!”

12Balaam ɖo eŋu na Balak be, “Ɖe nyemegblɔe na wò ame dɔdɔwo

13be ne Balak tsɔ klosalo kple sika de fiasã aɖe me wòyɔ kpikpikpi nam hã la, nyemate ŋu agblẽ Yehowa ƒe nyawo ɖi agblɔ nye ŋutɔ nye nyawo oa? Megblɔ be nya si Yehowa agblɔ la ko magblɔ!

14“Ɛ̃, matrɔ azɔ ayi nye ŋutɔ nye amewo dome. Ke gbã la, na magblɔ nu si Israelviwo awɔ wò amewo la na wò!”

15Ale wògblɔ nyagblɔɖi siawo nɛ:

16Esea Mawu ƒe nyawo,

17“Mekpɔe le Israel ŋgɔ be,

18Israel axɔ Edom kple Seir siaa;

19dziɖula atso Yakob,

20Balaam kpɔ Amalektɔwo ƒe aƒewo dzi ɖa, eye wògblɔ nya ɖi be,

21Ekpɔ Kenitɔwo dzi ɖa hegblɔ be,

22ke woatsrɔ̃ mi, Kenitɔwo.

23Ewu eƒe nyagblɔɖi la nu be,

24Tɔdziʋuwo atso Kipro ƒuta

25Ale Balaam kple Balak klã mɔ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ yi wo de.

← Mose 4 23 Mose 4 Mose 4 25 →