We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Nehemia 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Nehemia 6 Nehemia Nehemia 8 →

1Esi míewu gli la ɖoɖo nu, de ʋɔtru agboawo nu, eye míetia agbonudzɔlawo, hadzilawo kple Levitɔwo la,

2metsɔ Yerusalem dzikpɔkpɔ de asi na nɔvinye Hanani kple Hananiya, ame siwo nye mɔ la dzikpɔlawo. Wonye nuteƒewɔla siwo vɔ̃a Mawu wu ame geɖewo.

3Mede se na wo be, womaʋu Yerusalem ƒe agboawo o va se ɖe esime ɣe nadze nyuie hafi, eye woatu wo, ade ga wo me le esime dzɔlawo aganɔ gliawo ŋu dzɔm ko. Mede se hã be ele be dzɔlawo nanye Yerusalemtɔwo, eye woawɔ dɔ edziedzi. Hekpe ɖe esia ŋu la, ele be ame sia ame si ƒe aƒe te ɖe gli la ŋu la, nadzɔ gli la ƒe akpa si tsɔ ɖe egbɔ la ŋu.

4Du la lolo, gake emenɔlawo mesɔ gbɔ o, xɔawo hã mesɔ gbɔ o, ke boŋ woɖe ɖe aga tso wo nɔewo gbɔ le du la me.

5Nye Mawu dae ɖe nye dzi dzi be mayɔ takpekpe na bubumewo, dɔnunɔlawo kple ame hahoawo ne woaŋlɔ ŋkɔ ɖe woƒe ƒomeawo me. Mekpɔ ame gbãtɔ siwo gbɔ tso aboyome la ƒe dzidzimegbalẽ. Nu siwo woŋlɔ ɖe eme la woe nye.

6Yudatɔ siwo Nebukadnezar, Babilonia fia, ɖe aboyoe, eye wotrɔ gbɔ va Yudanyigba dzi la

7ƒe kplɔlawoe nye, Zerubabel, Yesua, Nehemia, Azaria, Raamia, Nahamani, Mordekai, Bilsan, Misperet, Bigvai, Nehum kple Baana.

8Paros ƒe viwo le ame akpe eve alafa ɖeka kple blaadre-vɔ-eve (2,172).

9Sefatia ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaadre-vɔ-eve (372).

10Ara ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).

11Yesua kple Yoab ƒe vi siwo do tso Pahat Moab me la le ame akpe eve alafa enyi kple wuienyi (2,818).

12Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).

13Zatu ƒe viwo le ame alafa enyi kple blaene-vɔ-atɔ̃ (845).

14Zakai ƒe viwo le ame alafa adre kple blaade (760).

15Binui ƒe viwo le ame alafa ade kple blaene-vɔ-enyi (648).

16Bebai ƒe viwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-enyi (628).

17Azgad ƒe viwo le ame akpe eve alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-eve (2,322).

18Adonikam ƒe viwo le ame alafa ade kple blaade-vɔ-adre (667).

19Bigvai ƒe viwo le ame akpe eve kple blaade-vɔ-adre (2,067).

20Adin ƒe viwo le ame alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ atɔ̃ (655).

21Ater dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasieke-vɔ-enyi (98).

22Hasum ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-enyi (328).

23Bezai ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-ene (324).

24Harif ƒe viwo le ame alafa ɖeka kple wuiene (112).

25Gibeon ƒe viwo le ame blaasieke-vɔ-atɔ̃ (95).

26Betlehemtɔwo kple Netofatɔwo le ame alafa ɖeka kple blaenyi-vɔ-enyi (188).

27Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).

28Bet Azmavetɔwo le ame blaene-vɔ-eve (42).

29Kiriat Yearim, Kefira kple Beerottɔwo le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).

30Rama kple Gebatɔwo le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).

31Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).

32Betel kple Aitɔwo le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).

33Nebotɔwo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).

34Elam ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).

35Harim ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).

36Yeriko ƒe viwo le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).

37Lod, Hadid kple Ono ƒe viwo le ame alafa adre kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (721).

38Senaa ƒe viwo le ame akpe etɔ̃ alafa asieke kple blaetɔ̃ (3,930).

39Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:

40Imer ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).

41Pasur ƒe viwo le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).

42Harim ƒe viwo le ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).

43Levitɔ siwo gbɔ la ƒe hlɔ̃wo kple woƒe xexlẽmewo le ale: Kadmiel ƒe vi siwo do tso Hodavia kple Yesua ƒe hlɔ̃ me la le ame blaadre-vɔ-ene (74).

44Hadzilawo:

45Agbonudzɔla siwo tso Salum, Ater, Talmon, Akub, Hatita kple Sobai ƒe ƒomeawo me la le ame alafa ɖeka blaetɔ̃-vɔ-enyi (138).

46Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:

47Keros, Sia, Paɖɔn,

48Lebana, Hagaba, Salmai,

49Hanan, Gidel, Gahar,

50Reaia, Rezin, Nekoda,

51Gazam, Uza, Pasea,

52Besai, Meunim, Nefuesim,

53Bakbuk, Hakufa, Harhur,

54Bazlut, Mehida, Harsa,

55Barkos, Sisera, Tema,

56Nezia kple Hatifa.

57Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimevi siwo gbɔ va Yuda la woe nye:

58Yaala, Darkon, Gidel,

59Sefatia, Hatil,

60Gbedoxɔmedɔwɔlawo kple Solomo ƒe subɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).

61Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.

62Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo de ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).

63Wotsɔ Habaya, Hakɔz kple Barzilai ƒe ŋkɔwo na nunɔla aɖewo ƒe ƒomeawo.

64Ame siawo tsa di woƒe ƒomegbalẽwo, gake womeke ɖe wo ŋu o, ale woɖe wo ɖa tso nunɔlawo ƒe ha me be wo ŋuti mekɔ o.

65Ale mɔmefia la de se na wo be, womekpɔ mɔ aɖu nu kɔkɔewo ƒe ɖeke o va se ɖe esime woɖo nunɔla si atsɔ Urim kple Tumim abia gbe Mawu hafi.

66Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360).

67Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kple hadzila alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245), ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu.

68Wogbɔ kple sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), kposɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245),

69kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720).

70Ƒometatɔ aɖewo na nu hena dɔ la dziyiyi. Gɔvina la na sika kilogram enyi kple afã, agba blaatɔ̃ kple nunɔlawo ƒe awudodo alafa atɔ̃ blaetɔ̃ (530).

71Kplɔla bubuwo na sika kilogram alafa ɖeka kple blaade-vɔ-enyi (168) kple klosalo kilogram akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃ (1,250).

72Ame bubuawo na sika kilogram alafa ɖeka kple blade-vɔ-enyi (168), klosalo kilogram alafa ɖeka kple blaene (140) kple osɔfowo ƒe awudodo blaade-vɔ-adre.

73Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.

← Nehemia 6 Nehemia Nehemia 8 →