1Nunɔla kple Levitɔ siwo trɔ gbɔ kple Zerubabel, Sealtiel ƒe vi kple Yesua la woe nye:
2Amaria, Maluk, Hatus,
3Sekania, Rehum, Meremot,
4Ido, Gineton, Abiya,
5Miyamin, Madia, Bilga,
6Semaya, Yoyarib, Yedaia,
7Salu, Amok, Hilkia kple Yedaia.
8Levitɔ siwo gbɔ la woe nye: Yesua, Binui, Kadmiel, Serebia, Yuda, Matania, ame si kple eƒe kpeɖeŋutɔwo kpɔa
9Bakbukia kple Uni dzi; woƒe kpeɖeŋutɔwo kpena ɖe wo ŋu le akpedahawo dzidzi me.
10Yesua nye Yoyakim fofo,
11Yoiada nye Yonatan fofo,
12Nunɔla siwo wɔ dɔ le Yoyakim ƒe ŋkekewo me la ƒe hlɔ̃wo ƒe kplɔlawoe nye:
13Mesulam nye Ezra ƒomea ƒe tatɔ,
14Yonatan nye Maluk ƒomea ƒe tatɔ,
15Adana nye Harim ƒomea ƒe tatɔ,
16Zekaria nye Ido ƒomea ƒe tatɔ,
17Zikri nye Abiya ƒomea ƒe tatɔ,
18Samua nye Bilga ƒomea ƒe tatɔ,
19Matenai nye Yoyarib ƒomea ƒe tatɔ,
20Kalai nye Salu ƒomea ƒe tatɔ,
21Hasabia nye Hilkia ƒomea ƒe tatɔ,
22Woŋlɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒe ƒomeawo ƒe tatɔwo ƒe dzidzimewo da ɖi le Persia fia, Darius ƒe dziɖuɣi le Levitɔ siwo nye Eliasib, Yoiada, Yohanan kple Yaɖua la ŋɔli.
23Le Kronika alo Nyadzɔdzɔwo ƒe Agbalẽwo me la, woŋlɔ Levitɔwo ƒe tatɔwo ƒe ŋkɔwo ɖi va se ɖe Yohanan, Eliasib ƒe vi dzi.
24Le ɣe ma ɣi me la, Levitɔwo ƒe tatɔwoe nye: Hasabia, Serebia kple Yesua, Kadmiel ƒe vi. Woƒe kpeɖeŋutɔwo tsia tsitre ɖe wo ŋgɔ, eye wokpena ɖe wo ŋu le kafukafu kple akpedada wɔnawo me abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da ɖi ene.
25Agbonudzɔla siwo dzɔa nudzɔdzɔwo dzraɖoƒewo ƒe agboawo nu ŋu la woe nye: Matania, Bakbukia, Obadia, Mesulam, Talmon kple Akub.
26Ame siawoe wɔ dɔ le Yoyakim, Yesua ƒe vi kple Yozadak ƒe tɔgbuiyɔvi ŋɔli kple esi Nehemia nye mɔmefia, eye Ezra nye nunɔla kple agbalẽfiala.
27Esi wonɔ Yerusalem ƒe gli yeyeawo ŋu kɔm la, Levitɔwo katã tso anyigba la ƒe akpa sia akpa va Yerusalem be yewoana kpekpeɖeŋu le wɔnawo me, eye yewoakpɔ gome le dzidzɔŋkekenyui la ɖuɖu me kple woƒe akpedada, gakogoewo, hadzidziwo kple kasaŋkuwo.
28Hadzihamenɔlawo hã va Yerusalem tso kɔƒe siwo ƒo xlãe kple Netofatitɔwo ƒe kɔƒewo me
29kple Bet Gilgal kple Geba nutowo me kple Azmavet, elabena woƒe hadzilawo tso kɔƒewo na wo ɖokuiwo le Yerusalem gbɔ.
30Nunɔlawo kple Levitɔwo kɔ wo ɖokuiwo ŋu gbã, emegbe la, wokɔ ameawo, agboawo kple gli la hã ŋu.
31Mekplɔ Yudatɔwo ƒe kplɔlawo yi gli la tame, eye mena hã be hadziha gã eve nadzi akpedaha. Hadziha ɖeka azɔ gli la tame ato ɖusime aɖo ta Akɔligbo la gbɔ.
32Hosaya kple Yuda ƒe kplɔlawo ƒe afã adze wo yome,
33kpe ɖe Azaria, Ezra, Mesulam,
34Yuda, Benyamin, Semaya kple Yeremia ŋu.
35Kpe ɖe ame siawo ŋu la, nunɔla siwo lé kpẽ ɖe asi kple Zekaria, Yonatan ƒe vi, Semaya ƒe vi, Matania ƒe vi, Mikaya ƒe vi, Zakur ƒe vi, Asaf ƒe vi,
36kple eƒe kpeɖeŋutɔwo, Semaya, Azarel, Milalai, Milalai, Gilalai, Mai, Netanel, Yuda kple Hanani la tsɔ woƒe haƒonuwo abe ale si David, Mawu ƒe ame la ɖoe da di ene. Ezra, agbalẽfiala la nɔ ŋgɔ na ameha la.
37Esi woɖo Tsidzidzigbo la gbɔ la, woɖo ta ŋgɔ tẽe, lia atrakpui siwo yi mɔ la gbɔ le David ƒe du xoxo la me. Tso afi sia la, woyi Tsigbo la gbɔ le ɣedzeƒe lɔƒo.
38Menɔ hatsotso evelia me, míeto mɔ evelia be míaɖado go wo. Míezɔ tso Kpodzoxɔ Kɔkɔ la gbɔ yi Gli Keke la gbɔ,
39heyi Efraimgbo kple Agbo Xoxo la gbɔ. Míeto Tɔmelãgbo la kple Hananel ƒe Xɔ Kɔkɔ la ŋu, eye míeyi Alafa ƒe Xɔ Kɔkɔ la gbɔ, heyi Alẽgbo la gbɔ, eye míetɔ ɖe Gaxɔgbo la gbɔ.
40Hadziha eve siwo dzia akpedaha la nɔ wo nɔƒe le gbedoxɔ la me. Nenema kee nye nye hã kple dɔnunɔlawo ƒe afã
41kple nunɔla siawo: Eliakim, Maaseya, Miniamin, Mikaya, Elioenai, Zekaria kple Hananiya kple woƒe kpẽwo,
42eye ame siawo hã kpe ɖe wo ŋuti: Maaseya, Semaya, Eleazar, Uzi, Yehohanan, Malkiya, Elam kple Ezer. Hadziha siawo dzi ha le Yezrahia ƒe kpɔkplɔ te.
43Míesa vɔ geɖewo le dzidzɔŋkeke sia dzi, elabena Mawu na mɔnukpɔkpɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gã aɖe. Nyɔnuwo kple ɖeviwo hã kpɔ dzidzɔ, eye wose dzidzɔɣli tso Yerusalem le didiƒewo ke!
44Gbe ma gbe la, woɖo ŋutsu aɖewo be woakpɔ nudzraɖoƒewo, nu vɔ̃ ŋuti vɔsanuwo, nu ewoliawo nana kple nuŋeŋe gbãtɔwo nana dzi, eye woaxɔ nu siawo tso agblewo me abe ale si Mose ƒe Sewo ɖoe da ɖi ene. Wotsɔ nunana siawo na nunɔlawo kple Levitɔwo, elabena Yuda ƒe viwo kpɔ ŋudzedze le nunɔlawo kple Leviviwo ƒe dɔwɔwɔ ŋu.
45Wokpɔ ŋudzedze le hadzilawo, agbonudzɔlawo, ame siwo naa kpekpeɖeŋu le mawusubɔsubɔ kple ameŋutikɔkɔ wɔnawo me le Fia David kple via Fia Solomo ƒe ɖoɖoawo nu hã ŋu.
46Ɖoɖo be hafialawo nakplɔ hadzilawo le kafukafuhawo kple akpedahawo dzidzi na Mawu me la li xoxo tso David kple Asaf ŋɔli.
47Ale fifia, le Zerubabel kple Nehemia ŋɔli la, Israel blibo la naa gbe sia gbe ƒe nuɖuɖu hadzihamenɔlawo, agbonudzɔlawo kple Levitɔwo. Levitɔwo hã tsɔa nu si woxɔna la ƒe akpa aɖe na Aron, nunɔla la ƒe dzidzimeviwo.