1Oo, ɖe nye ta anye tsidzɔƒe
2Oo, ɖe dzeƒe le asinye le gbegbe na mɔzɔlawo,
3Yehowa be,
4Kpɔ nyuie le xɔlɔ̃wòwo ŋu.
5Xɔlɔ̃ blea xɔlɔ̃ eye ame aɖeke metoa nyateƒe o.
6Amebeble le gã dom ɖe edzi.
7Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
8Woƒe aɖe le abe aŋutrɔ si nu aɖi vɔ̃ɖi le la ene,
9Yehowa be, ‘Ɖe mele be mahe to na wo le esia ta oa?
10“Mafa avi ado ɣli na towo,
11“Mawɔ Yerusalem wòazu glikpo gbagbã si woli kɔe
12Ame kae nye nunyala si ase nu sia gɔme? Ame kae Yehowa fia nu eye wòate ŋu aɖe eme? Nu ka ta anyigba gblẽ eye wowɔe wòle abe gbegbe si ame aɖeke mate ŋu ato ayi o la ene?
13Yehowa be, “Elabena wogblẽ nye se si metsɔ ɖo woƒe ŋkume la ɖi. Womeɖo tom alo wɔ nye se dzi o.
14Ke boŋ wodze woƒe dzi dzeaglãwo yome hekplɔ Baalwo ɖo abe ale si wo fofowo fia woe ene.”
15Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, mana dukɔ sia naɖu nu veve, eye woano aɖitsi.
16Makaka wo ɖe dukɔwo dome, dukɔ siwo woawo ŋutɔ alo wo fofowo menya o eye mati wo yome kple yi va se ɖe esime metsrɔ̃ wo keŋkeŋ.”
17Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:
18Mina woava kaba ne woadzi aviha na mí
19Wose aviɣli le Zion.
20Azɔ la, Oo nyɔnuwo,
21Ku to míaƒe fesrewo nu ge ɖe mía dzi.
22Gblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi:
23Ale Yehowa gblɔe nye esi:
24ke boŋ ame si aƒo adegbe la,
25Yehowa be, “Ŋkekewo li gbɔna, esi mahe to na ame siwo tso aʋa le ŋutilã me ko.
26Woawoe nye Egipte, Yuda, Edom, Amon, Moab kple ame siwo katã le dzogbenyigba siwo le didiƒe la dzi, elabena le nyateƒe me la, dukɔ siawo katã metso aʋa o. Israel ƒe aƒe blibo la gɔ̃ hã metso aʋa le dzi me o.”