We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yeremia 32

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yeremia 31 Yeremia Yeremia 33 →

1Esia nye Yehowa ƒe nya si va na Yeremia le Yuda fia Zedekia ƒe ƒe ewolia me eye wòganye Nebukadnezar ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuienyilia me.

2Babilonia fia ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem eye wolé Nyagblɔɖila Yeremia de gae ɖe xɔxɔnu si dzɔlawo nɔna le Yuda fia ƒe fiasã me.

3Azɔ Yuda fia Zedekia de gae ɖe afi ma hegblɔ nɛ be, “Nu ka ta nèle nya gblɔm ɖi alea ɖo? Egblɔ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babilonia fia, eye wòaxɔe.

4Yuda fia Zedekia mado le Babiloniatɔwo ƒe asi me o, ke boŋ woalée ade asi na Babilonia fia, aƒo nu kplii ŋkume kple ŋkume, eye wòakpɔe kple eya ŋutɔ ƒe ŋkuwo.

5Akplɔ Zedekia ayi ɖe Babilonia, afi si wòanɔ va se ɖe esime matu nu kplii Yehowae gblɔe. Ne èwɔ aʋa kple Babiloniatɔwo la, màɖu wo dzi o.’ ”

6Yeremia ɖo eŋu be, “Yehowa ƒe nya va gblɔe nam be,

7‘Tɔwòɖia, Salum, ƒe vi Hanamel ava gbɔwò agblɔ na wò be, “Ƒle nye agble si le Anatɔt elabena, abe ƒonyemetɔ kpamkpam ene la, enye wò gome kple dɔdeasi be nàƒlee?” ’

8“Tete abe ale si Yehowa gblɔe ene la, tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel va gbɔnye le dzɔlawo ƒe xɔxɔnu, eye wògblɔ nam be, ‘Ƒle nye agble si le Anatɔt le Benyaminyigba dzi. Esi wònye wò domenyinu wònye be nàxɔe eye wòanye tɔwò ta la, ƒlee na ɖokuiwò.’

9eya ta meƒle agble si le Anatɔt la le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel si heda klosaloga gram alafa eve tsɔ nɛ.

10Mede asi anyigbaƒlegblalẽ la te hetre enu, hena ɖasefowo hã de asi ete eye meda klosaloga la le nudanu me.

11Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti.

12Metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Baruk, Neria ƒe vi, Mahseya ƒe vi, le tɔnyeɖia ƒe vi, Hanamel kple ɖasefo siwo de asi agbalẽ la te kple Yudatɔ siwo katã nɔ anyi ɖe dzɔlawo ƒe xɔxɔnu la ŋkume.

13“Le woƒe ŋkume mede se siawo na Baruk.

14‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: Tsɔ agbalẽ siawo, anyigbaƒlegbalẽ si nu wotre kple esi le ʋuʋu la siaa de ze me ne woanɔ anyi eteƒe nadidi.

15Elabena ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Woagaƒle aƒewo, agbledenyigbawo kple waingblewo le anyigba sia dzi.” ’

16“Esi metsɔ anyigbaƒlegbalẽ la na Neria ƒe vi, Baruk vɔ la, medo gbe ɖa na Yehowa gblɔ be:

17“O, Aƒetɔ Yehowa, wòe tsɔ wò ŋusẽ triakɔ kple wò abɔ si le dzi la wɔ dziƒo kple anyigbae. Naneke mesesẽ na wò akpa o.

18Elɔ̃a ame akpe nanewo gake ètsɔa fofowo ƒe nu vɔ̃wo ƒe tohehe ɖoa akɔ na vi siwo wodzi. O Mawu gã kple ŋusẽtɔ, ame si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,

19wò ɖoɖowo lolo eye wò nuwɔwɔwo tri akɔ. Wò ŋkuwo le te ɖe amegbetɔwo ƒe mɔwo ŋu eye nèwɔa nu sia nu si ame sia ame dze na la nɛ ɖe eƒe agbenɔnɔ kple eƒe nuwɔnawo nu.

20Èwɔ dzesi gãwo kple nukunu triakɔwo le Egiptenyigba dzi eye nègale wo wɔwɔ dzi va se ɖe egbe sia, le Israel kple amegbetɔwo katã dome eye nèxɔ ŋkɔ gã na ɖokuiwò esi nye tɔwò va se ɖe fifia.

21Èkplɔ wò dukɔ, Israel, do goe le Egipte kple dzesiwo, nukunuwo, alɔ sesẽ kple abɔ si le dzi kple ŋɔdzi gã.

22Ètsɔ anyigba sia, si nèka atam be yeatsɔ ana wo fofowo la na wo, anyigba si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo fũu.

23Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.

24“Kpɔ ale si woƒu kpo ɖe dua ŋutii be woaxɔe ɖa. Le yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ ta la, woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖee. Nu si nègblɔ la va eme abe ale si nèle ekpɔmii fifia ene.

25Togbɔ be woatsɔ du la ade asi na Babiloniatɔwo hã la, O, wò Aƒetɔ Yehowa, ègblɔ nam be, ‘Tsɔ klosaloga nàƒle agbledenyigbae eye nàna ɖasefowo nakpɔ eƒleƒe.’ ”

26Tete Yehowa ƒe nya va na Yeremia be,

27“Nyee nye Yehowa, amegbetɔwo katã ƒe Mawu. Ɖe nane sesẽ nam akpa?

28Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: Matsɔ du sia ade asi na Babiloniatɔwo kple Babilonia fia, Nebukadnezar, be woaxɔe.

29Babiloniatɔ siwo ɖe to ɖe du sia la age ɖe eme atɔ dzoe. Woana wòabi azu afi, hekpe ɖe aƒe siwo tame wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ na Baal le eye woƒoa aha ɖi na mawu tutɔwo le, ne woatsɔ ado dziku nam la ŋuti.

30“Tso Israelviwo kple Yudatɔwo ƒe ɖekakpuime ke la, womewɔ naneke wu nu vɔ̃ɖi le ŋkunye me o. Le nyateƒe me la, Israelviwo mewɔ naneke wu be woado dziku nam kple nu si woƒe asi wɔ la, o.” Yehowae gblɔe.

31Tso gbe si gbe ke wotso du sia va se ɖe fifia la, du sia do dziku kple dɔmedzoe nam ale gbegbe be ele nam be maɖee ɖa le nye ŋkuta.

32Israelviwo kple Yudatɔwo tsɔ woƒe nu vɔ̃ɖi siwo katã wowɔ la do dziku nam, woawo ŋutɔwo ƒe fiawo, woƒe dumegãwo, woƒe nunɔlawo, woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo siaa.

33Wotrɔ woƒe ʋu me dem, menye woƒe ŋkume o. Togbɔ be mefia nu wo atraɖii hã la, womeɖo to alo trɔ ɖe amehehe ŋuti o.

34Wotsɔ woƒe legba nyɔŋuawo ɖo aƒe si ŋuti woyɔ nye ŋkɔ ɖo la me eye wodo gui.

35Wotu nuxeƒewo na Baal le Ben Hinom ƒe Balime, ne woatsɔ wo viŋutsuviwo kple wo vinyɔnuviwo asa vɔe na Molek, evɔ nyemeɖo nu sia na wo gbeɖegbeɖe alo wòayi nye ta me va ge, be woawɔ ŋunyɔnu sia eye woakplɔ Yuda ade nu vɔ̃ me o.

36Miele gbɔgblɔm le du sia ŋuti be, “To yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ me, woatsɔ du la ade asi na Babilonia fia,” gake ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi:

37“Le nyateƒe me la, maƒo wo nu ƒu tso anyigba siwo katã dzi menya wo ɖo ɖo le nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ la me. Matrɔ wo agbɔe va teƒe sia eye mana woanɔ anyi le dedinɔnɔ me.

38Woanye nye dukɔ eye nye hã manye woƒe Mawu.

39Mana dzi ɖeka wo eye woƒe afɔɖeɖewo hã anɔ ɖeka ale be woavɔ̃m ɣe sia ɣi hena woawo ŋutɔwo kple wo vi siwo ava xɔ ɖe wo teƒe la ƒe nyui.

40Mabla nu mavɔ kpli wo, nyemadzudzɔ nyuiwɔwɔ na wo o eye made dzi ƒo na wo be woavɔ̃m, ale be womagatrɔ le yonyeme akpɔ o.

41Matsɔ dzidzɔ awɔ nyui na wo eye matsɔ nye dzi blibo kple luʋɔ blibo ali ke wo kple kakaɖedzi ɖe anyigba sia dzi.

42“Ale Yehowa gblɔe nye esi: Abe ale si mehe dzɔgbevɔ̃e gã sia va ame siawo dzii ene la, nenema kee matsɔ dzidzedzekpɔkpɔ si ŋugbe medo na wo la hã ana wo.

43Ava eme be, woagaƒle agblewo le anyigba si ŋuti miegblɔ le be, ‘Ezu gbegbe si menyo na naneke o, eye amegbetɔ alo gbemelãwo gɔ̃ hã megale edzi o, elabena wotsɔe de asi na Babiloniatɔwo’ la dzi.

44Woatsɔ klosaloga aƒle agblewo eye woawɔ agbalẽ ɖe wo dzi, ade asi ete kple ɖasefowo, eye woatre wo nu le Benyaminyigba dzi, kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem, le Yuda duwo kple togbɛduwo me, le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to kple gbegbenutowo me, elabena matrɔ woƒe nunyoname vɛ na wo.” Yehowae gblɔe.

← Yeremia 31 Yeremia Yeremia 33 →