We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yeremia 3

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yeremia 2 Yeremia Yeremia 4 →

1“Ne ŋutsu aɖe gbe srɔ̃a,

2“Wu mo dzi ɖe to ƒuƒluwo ŋu eye nàkpɔ ɖa.

3Eya ta woɖo asi tsidzadza dzi

4Menye fifi laa koe nèyɔm be,

5‘Ɖe nàkpɔ dziku ɖaa?

6Esi Fia Yosia nɔ fia ɖum la, Yehowa gblɔ nam be, “Èkpɔ nu si Israel nuteƒemawɔla la wɔa? Eyi ɖe togbɛ kɔkɔ ɖe sia ɖe dzi eye wòyi ɖe ati dama ɖe sia ɖe te hewɔ ahasi le afi ma.

7Mebui be esi wòwɔ esiawo katã vɔ la, atrɔ ava gbɔnye gake mewɔe o eye nɔvia nyɔnu godzela, Yuda hã kpɔe.

8Metsɔ srɔ̃gbegbalẽ na nuteƒemawɔla Israel henyae ɖe eƒe ahasiwɔwɔwo katã ta, gake mekpɔ be nɔvia godzela Yuda mevɔ̃ o; eya hã yi ɖawɔ ahasi.

9Esi Israel ƒe ŋunyɔnuwɔwɔ nye nu tsɛ aɖe ko le eya gbɔ ta la, edo gu anyigba la eye wòwɔ ahasi kple ati kple kpe.

10Le esiawo katã megbe hã la, nɔvia nyɔnu, Yuda, godzela, metrɔ va gbɔnye kple eƒe dzi blibo o, ke boŋ ewɔ alakpanu.” Yehowae gblɔe.

11Yehowa gblɔ nam be, “Nuteƒemawɔla Israel le dzɔdzɔe wu Yuda, godzela la.

12Yi, nàɖe gbeƒã nya sia ɖo ɖe anyiehe gome. Yehowa be,

13‘Wò ya, dze si wò vodada

14Yehowa be, “Mi xɔsemanɔsitɔwo, mitrɔ gbɔ, elabena nyee nye mia srɔ̃. Matia mi, ame ɖeka tso du ɖe sia ɖe me, ame eve tso to ɖe sia ɖe me ahaƒo ƒu mi ɖe Zion.

15Ekema mana kplɔlawo mi ɖe nye dzi ƒe didi nu, ame siwo akplɔ mi le nunya kple nugɔmesese me.

16Le ŋkeke mawo me, ne miedzi ɖe edzi fũu le anyigba dzi la, amewo magagblɔ azɔ be, ‘Yehowa ƒe nubablaɖaka o. Mage ɖe woƒe susu me alo woaɖo ŋku edzi o; womagabia eta ase alo awɔ bubu o.’ Yehowae gblɔe.

17Le ɣe ma ɣi la, woayɔ Yerusalem be, Yehowa Ƒe Fiazikpui eye dukɔwo katã aƒo ƒu ɖe Yerusalem be woade bubu Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu. Womagadze woƒe dzi vɔ̃ɖiwo ƒe tamesesẽ yome o.

18Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ƒe aƒe awɔ ɖeka kple Israel ƒe aƒe la eye wo kple eve la woatso dzigbemenyigba aɖe dzi ava, anyigba si metsɔ na mia fofowo be wòanye woƒe domenyinu.”

19Yehowa be, “Nye ŋutɔe gblɔ be,

20Gake, abe nyɔnu si meto nyateƒe na srɔ̃a o ene la,

21Wose avi le to ƒuƒluwo dzi,

22“Mitrɔ gbɔ, mi megbedelawo,

23Vavãe, legbasubɔsubɔ ƒe hoowɔwɔ le togbɛwo dzi

24Tso míaƒe ɖekakpuime ke,

25Mina míamlɔ míaƒe ŋukpe me

← Yeremia 2 Yeremia Yeremia 4 →