We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yeremia 25

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yeremia 24 Yeremia Yeremia 26 →

1Le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ƒe ƒe enelia me si nye Babilonia fia Nebukadnezar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa ƒe nya va na Yeremia ku ɖe Yuda dukɔ la ŋu.

2Eya ta nyagblɔɖila Yeremia, gblɔ na Yudatɔwo katã kple ame siwo nɔ Yerusalem la be:

3Ƒe blaeve-vɔ-etɔ̃ sɔŋ nye esi mele nu ƒom na mi. Tso keke Amon ƒe vi Yosia, Yuda fia ƒe ƒe wuietɔ̃lia me va se ɖe fifia, Yehowa ƒe nya va nam, eye megblɔe na mi enuenu, gake mieɖo to o.

4Togbɔ be Yehowa dɔ eƒe dɔla nyagblɔɖilawo ɖo ɖe mi zi geɖe hã la, mieɖo to alo mietsɔ ɖeke le eme na wo o.

5Wogblɔ be, “Mitrɔ azɔ, mia dometɔ ɖe sia ɖe, tso miaƒe mɔ vɔ̃wo dzi kple miaƒe nu tovowo wɔwɔ me, be miate ŋu anɔ anyigba si Yehowa tsɔ na mi la dzi, miawo ŋutɔ kple mia fofowo, tso mavɔ me yi mavɔ me.

6Migadze mawu tutɔwo yome, ahayi wo subɔ ge o. Migade ta agu na wo o, migado dziku nam kple nu siwo miaƒe asiwo wɔ la o. Ekema nyemawɔ nuvevi mi o.”

7Yehowa be, “Gake mieɖo tom o eye mietsɔ nu siwo miawo ŋutɔ ƒe asiwo wɔ la do dziku nam eye miehe vɔ̃ va mia ɖokuiwo dzii.”

8Eya ta ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “Esi mieɖo to nye nyawo o ta la,

9mayɔ anyiehemetɔwo katã, kple nye dɔla Nebukadnezar, Babilonia fia aƒo ƒu, woatso ɖe anyigba sia, edzinɔlawo kple dukɔ siwo katã ƒo xlãe la ŋuti. Matsrɔ̃ wo gbidigbidi, awɔ wo woanye ŋɔdzinu kple fewuɖunu, eye woazu aƒedo tegbetegbe.

10Mana dzidzɔ kple aseyetsotso nu natso eye womagase ŋugbetɔ kple ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe alo te ƒe gbe alo woakpɔ akaɖi wòaganɔ keklẽm o.

11Anyigba sia katã azu aƒedo kple gbegbe eye dukɔ sia asubɔ Babilonia fia ƒe blaadre sɔŋ” Yehowae gblɔe.

12Yehowa be, “Ke ne ƒe blaadre la de la, mahe to na Babilonia fia kple eƒe dukɔ, Babiloniatɔwo ɖe woƒe agɔdzedze ta eye mawɔ woƒe anyigba wòazu gbegbe tegbetegbe.

13Mana nu siwo katã megblɔ ɖi ɖe anyigba ma ŋuti, nu siwo katã woŋlɔ ɖe agbalẽ sia me kple esiwo Yeremia gblɔ ɖi ɖe dukɔwo ŋuti la nava wo dzi.

14Woawo ŋutɔ la, dukɔ geɖewo kple fia xɔŋkɔwo awɔ wo kluviwoe. Maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu kple nu siwo woƒe asiwo wɔ la ta.”

15Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ nam nye esi: “Xɔ kplu si nye dɔmedzoewain yɔ la le asinye eye nàkpee na dukɔ siwo katã gbɔ madɔ wò ɖo la.

16Ne wonoe la, woazɔ sɔgɔsɔgɔ, eye woƒe tagbɔ atɔtɔ, le yi si maɖo ɖe wo dome la ta.”

17Ale mexɔ kplu la le Yehowa si eye mena dukɔ siwo katã gbɔ wòdɔm ɖo la noe.

18Ame siwo noe la woe nye Yerusalem nɔlawo, Yuda ƒe duwo, woƒe fiawo kple woƒe dumegãwo, be woagblẽ wo dome eye woazu ŋɔdzinu, fewuɖunu kple fiƒodenu abe ale si wole egbea ene.

19Bubuwoe nye Egipte fia, Farao, eŋutinɔlawo, eƒe dumegãwo kple eƒe dukɔmetɔwo,

20hekpe ɖe amedzro siwo katã le afi ma la ŋuti,

21Edom, Moab kple Amon;

22kpe ɖe Tiro kple Sidon fiawo katã ŋu, fia siwo tso ƒuta kple ƒugodo;

23Dedan Tema, Buz kpe ɖe didiƒetɔwo ŋu;

24Arabia fiawo katã kpe ɖe amedzrowo ƒe fia siwo le gbegbe la ŋu.

25Fia siwo katã le Zimri, Elam kple Media.

26Anyiehemefiawo katã, esiwo tso kpuiƒe kple didiƒe siaa. Wo katã noe ɖe wo nɔewo yome, ale fiaɖuƒe siwo katã le anyigba dzi la noe.

27“Ekema gblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Mino aha ne miamu, ne miaɖe xe eye miamu adze anyi be miagafɔ gbeɖe o, le yi si maɖo ɖe mia dome la ta.” ’

28Ke ne wogbe be yewomaxɔ kplu la le asiwò ano o la, nàgblɔ na wo be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, gblɔe nye esi: “Ele na mi be mianoe!”

29Kpɔ ɖa, miedze egɔme le gbegblẽ hem va du si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la dzi eye wò ya nèsusu be magbe tohehe na yea? Nyemagbe tohehe na wò o, elabena medɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.’

30“Azɔ gblɔ nya siawo katã ɖi ɖe wo ŋu, nàgblɔ na wo be,

31Hoowɔwɔ la aɖi le anyigba ƒe mlɔenuwo ke,

32Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi:

33Le ɣe ma ɣi la, ame siwo Yehowa wu la akaka ɖe afi sia afi, tso anyigba ƒe go sia dzi yi go kemɛ dzi. Womafa na wo alo aƒo wo ƒu alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.

34Mi alẽkplɔlawo, mifa avi,

35Alẽkplɔlawo makpɔ teƒe aɖeke asi yi o,

36Se alẽkplɔlawo ƒe aviɣli ɖa;

37Gbe dama nyuiwo azu kuɖiɖinyigba

38Agblẽ eƒe ave ɖi abe dzata ene,

← Yeremia 24 Yeremia Yeremia 26 →