We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yeremia 22

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yeremia 21 Yeremia Yeremia 23 →

1Ale Yehowa gblɔe nye si, “Yi ɖe Yuda fia ƒe sãme eye nàgblɔ gbedeasi sia nɛ,

2‘O Yuda fia, wò ame si nɔ David ƒe fiazikpui dzi, wò dumegãwo kple wò ame siwo toa agbo siawo me yina, mise Yehowa ƒe nya.

3Ale Yehowa gblɔe nye si: Miwɔ nu dzɔdzɔe eye miwɔ nu si le eteƒe. Mixɔ ame si woda adzoe la le ŋutasẽla ƒe fego me. Migawɔ vɔ̃ alo ate amedzrowo, tsyɔ̃eviwo alo ahosiwo ɖe to o eye migakɔ ʋu maɖifɔ hã ɖi ɖe teƒe sia o;

4elabena ne mieɖɔ ŋu ɖo hewɔ ɖe sedede siawo dzi la, ekema fia siwo anɔ David ƒe fiazikpui dzi la, ato fiasã sia ƒe agbowo me, anɔ tasiaɖamwo me, anɔ sɔwo dzi eye woƒe dumegãwo kple dumetɔwo akplɔ wo ɖo.

5Ke ne mieɖo to sedede siawo o la, meta ɖokuinye be fiasã sia agbã, azu aƒedo.’ ” Yehowae gblɔe.

6Elabena ale Yehowa gblɔ le Yuda fia ƒe fiasã la ŋue nye esi: “Togbɔ be èle nam abe Gilead kple Lebanon towo ƒe tame ene hã la, mawɔ wò le nyateƒe me nàzu abe gbegbe kple du siwo zu aƒedo ene.

7Maɖo nugblẽlawo ɖe ŋuwò, ɖe sia ɖe alé lãnu ɖe asi eye woalã wò sedati vavãwo atsɔ aƒu gbe ɖe dzo me.

8“Dukɔ geɖe me tɔwo ava to du sia ŋu ayi eye woabia wo nɔewo be, ‘Nu ka ta Yehowa wɔ nu sia tɔgbi ɖe du xɔŋkɔ sia ŋuti ɖo?’

9Ŋuɖoɖoa anye be, ‘Elabena wogblẽ Yehowa, woƒe Mawu la ƒe nubabla ɖi hesubɔ mawu bubuwo eye wode ta agu na wo.’ ”

10Mègafa avi na fia si ku la alo nàfa eƒe ku o,

11Ale Yehowa gblɔ le Salum, Yosia ƒe vi, ame si ɖu fia le Yuda ɖe fofoa yome, gake dzo le teƒe sia ŋutie nye esi: “Magatrɔ agbɔ gbeɖe o.

12Aku ɖe afi si woɖe aboyoe ɖo eye magakpɔ anyigba sia akpɔ o.”

13“Baba na ame si tu eƒe fiasã to mɔ madzɔmadzɔ dzi

14Ame si gblɔ be, ‘Matu fiasã gã aɖe na ɖokuinye

15“Ɖe sedati gbogbo siwo le asiwò la wɔ wò nèzu fia?

16Eʋli ame dahewo kple hiãtɔwo ta

17“Ke wò ŋku kple dzi ku ɖe viɖe ƒoɖi,

18Eya ta ale Yehowa gblɔ le Yosia ƒe vi, Yehoyakim, Yuda fia ŋutie nye esi:

19Woaɖii abe ale si woɖia tedzi kuku ene

20“Yi ɖe Lebanon, nàfa avi sesĩe

21Megblɔe na wò kɔtɛe esi nèsusu be

22Yaƒoƒo akplɔ wò alẽkplɔlawo katã adzoe,

23Mi, ame siwo tso aƒe ɖe Lebanon,

24Yehowa be, “Meta nye agbe be, nenye wò, Yuda fia Yehoyatsin, Yehoyakim ƒe vie nye ŋkɔsigɛ le asibidɛ ɖusimetɔ ŋuti nam gɔ̃ hã la, maɖe wò aƒu gbe godoo.

25Makplɔ wò ade asi na ame siwo le wò agbe yome tim, Nebukadnezar, Babilonia fia kple Babiloniatɔ siwo nèle vɔvɔ̃m na.

26Matsɔ wò kple dawò si dzi wò la aƒu gbe ɖe dukɔ bubu me, afi si womedzi mia dometɔ aɖeke ɖo o; afi ma mi ame evea miaku ɖo.

27Miagatrɔ agbɔ ava anyigba si miedi vevie la dzi kpɔ o.”

28Ɖe ŋutsu sia Yehoyatsin zu ze gbagbã ɖigbɔ̃

29O anyigba, anyigba, anyigba,

30Ale Yehowa gblɔe nye esi:

← Yeremia 21 Yeremia Yeremia 23 →