1Esi nunɔla Pasur, Imer ƒe vi, Yehowa ƒe gbedoxɔ me ƒe dɔnunɔlagã la se Yeremia wònɔ nya siawo gblɔm ɖi la,
2ena woƒo Nyagblɔɖila Yeremia eye wodee kunyowu me, tsi ɖe Benyamingbo dzigbetɔ si le Yehowa ƒe gbedoxɔ nu la ŋu.
3Esi ŋu ke eye Parsur ɖee le game la, Yeremia gblɔ nɛ be, “Yehowa ƒe ŋkɔ si wòtsɔ na wòe nye, ame si ŋɔdzi ƒo xlãe, ke menye Pasur o;
4elabena ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Mawɔ wò nàzu ŋɔdzi na ɖokuiwò kple xɔ̃wòwo katã. Wò ŋutɔ wò ŋkuwo akpɔ ale si xɔ̃wòwo atsi woƒe futɔwo ƒe yi nue. Makplɔ Yuda katã ade asi na Babilonia fia, ame si aɖe aboyo wo ayi Babilonia alo awu wo kple yi.
5Matsɔ du sia ƒe kesinɔnuwo, adzɔnuwo, nu xɔasiwo kple Yuda fia ƒe kesinɔnuwo adzoe. Woatsɔ wo adzoe abe nuhaha ene ayi Babilonia kee.
6Ke wò Pasur kple ame siwo katã le wò aƒe me la, woakplɔ mi ayi aboyo me le Babilonia. Afi ma miaku ɖo eye afi ma woaɖi mi ɖo, wò kple xɔ̃wo siwo nègblɔ aʋatsonyagblɔɖiwo na.’ ”
7O Yehowa, èblem eye mexɔ beblenya dzi se;
8Ɣe sia ɣi ne mebe maƒo nu la,
9Ke ne megblɔ be, “Nyemagayɔ eƒe ŋkɔ
10Mese ame geɖewo le dalĩ dom be,
11Ke Yehowa li kplim abe aʋawɔla kalẽtɔ ene,
12O Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ,
13Midzi ha na Yehowa!
14Aɖi gbe si gbe wodzim la ŋu kpekpekpe.
15Fiƒode nenɔ ame si tsɔ dzidzɔnya
16Nenɔ na ŋutsu ma abe du siwo Yehowa gbã
17elabena mewum ɖe vidzidɔ me be
18Nu ka ta medo go le vidzidɔ me be