1Esiae nye Yehowa ƒe nya na Yeremia tso kuɖiɖi ŋuti.
2“Yuda le nu xam,
3Bubumewo dɔa woƒe dɔlawo ɖe tsikuƒe;
4Anyigba la katã wo gblogblogblo,
5Fɔmizi le gbe me gɔ̃ hã gblẽa via ɖi
6Gbetedziwo tsia tsitre ɖe to ƒuƒluwo dzi
7O Yehowa, togbɔ be míaƒe nu vɔ̃wo
8O Israel ƒe Mɔkpɔkpɔ,
9Aleke nèle abe ame si nane wɔ nuku na alo
10Ale Yehowa gblɔ tso dukɔ sia ŋutie nye esi:
11Tete Yehowa gblɔ nam be, “Mègado gbe ɖa be eme nanyo na dukɔ sia o.
12Nenye be wotsi nu dɔ hã la, nyemaɖo to woƒe ɣlidodo o. Nenye be wotsɔ numevɔsa kple nuɖuvɔsawo vɛ hã la, nyemaxɔ wo o, ke boŋ matsrɔ̃ wo kple yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃.”
13Ke megblɔ be, “O Aƒetɔ Yehowa, Nyagblɔɖilawo le gbɔgblɔm na wo be, ‘Miakpɔ yi loo alo dɔwuame o. Le nyateƒe me, mana miakpɔ ŋutifafa mavɔ le teƒe sia.’ ”
14Yehowa gblɔ nam be, “Nyagblɔɖilawo le aʋatsonyawo gblɔm le nye ŋkɔ me. Nyemedɔ wo alo ɖo wo alo ƒo nu na wo o. Wole alakpaŋutega, afakaka, trɔ̃subɔsubɔ kple beble siwo woƒe susuwo gblɔ na wo la gblɔm.
15Eya ta ale Yehowa gblɔ le nyagblɔɖila siwo le nya gblɔm ɖi le nye ŋkɔ me la ŋu. Nyemedɔ wo o, gake wole gbɔgblɔm be, ‘Yi alo dɔwuame atsrɔ̃ wo
16eye ame siwo wole nya gblɔm ɖi na la, woatsɔ wo akaka ɖe Yerusalem ƒe ablɔwo dzi le yi kple dɔwuame ta. Ame aɖeke manɔ anyi si aɖi woawo ŋutɔwo alo wo srɔ̃nyɔnuwo, wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo o. Matrɔ dzɔgbevɔ̃e si dze na wo la, akɔ ɖe wo dzi.’
17“Gblɔ nya sia na wo be,
18Ne meyi ɖe gbedzi la,
19“Ɖe nègbe Yuda gbidiia?
20O Yehowa, míedze si míaƒe nu tovowo wɔwɔ
21Le wò ŋkɔ la ta, mègaɖe kɔ ɖa le mía ŋu o;
22Ɖe dukɔwo ƒe legba maɖinuwo dometɔ aɖe na tsi dza kpɔa?