1“Nye agbe le ŋu nyɔm na nye ŋutɔ,
2Magblɔ na Mawu be, ‘Mègabu fɔm o
3Ɖe wòle nuwò vivim be yele teyem ɖe to,
4Ŋutilãmeŋkue le tawòa?
5Ɖe wò ŋkekewo le abe kodzogbeawo tɔ ene
6be nàtsa adi nye vodadawo,
7evɔ nènya be nyemedze agɔ o
8“ ‘Wò asiwoe wɔm eye womem.
9Ɖo ŋku edzi be anyie nètsɔ mem.
10Ɖe mètrɔm kɔ ɖe anyi abe notsi ene
11Ɖe mèfa ayi kple lãkusi ɖe ŋunye
12Èna agbem henyo dɔ me nam
13“ ‘Ke esiae nèɣla ɖe wò dzi me
14Ne mewɔ nu vɔ̃ la,
15Ne meɖi fɔ la, baba nam!
16Ne mefɔ mo dzi la,
17Èɖoa ɖasefo bubuwo ŋunye
18“ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me?
19Ɖe nyemedzɔ o alo wokɔm tso danye
20Ɖe nye ŋkeke ʋɛawo mewu nu kloe vɔ oa?
21hafi ayi demagbɔnugbe,
22anyigba si dzi zã do blukɔ kpekpekpe le,