1Ŋutsu aɖe nɔ Uznyigba dzi si ŋkɔe nye Hiob. Ŋutsu sia nye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.
2Viŋutsu adre kple vinyɔnu etɔ̃ nɔ esi,
3kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome.
4Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo.
5Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.
6Gbe ɖeka la, dziƒodɔlawo va be woatsɔ wo ɖokui afia Yehowa, eye Satana hã nɔ wo dome.
7Yehowa bia Satana be, “Afi ka nètso?”
8Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o; enye mokakamanɔŋutɔ kple ame dzɔdzɔe, ŋutsu si vɔ̃a Mawu eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”
9Ke Satana bia Mawu be, “Ɖe Hiob vɔ̃a Mawu dzodzroa?
10Menye wòe tɔ kpɔ ƒo xlã eya amea, eƒemetɔwo kple nu sia nu si le esi la oa? Èyra eƒe asinudɔwo ale be eƒe alẽhawo kple lãhawo gbagbã ɖe anyigba dzi.
11Ke do wò asi ɖa, ne nàxlã asi ɖe nu siwo katã le esi, ekema le nyateƒe me aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume.”
12Yehowa gblɔ na Satana be, “Enyo ta, nu sia nu si le esi la le asiwò me, ke mègaka asibidɛ eya amea ŋutɔ ŋu o.”
13Gbe ɖeka la, esime Hiob ƒe viŋutsuwo kple via nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la,
14dɔla aɖe va Hiob gbɔ gblɔ nɛ be, “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, tedziawo nɔ gbe ɖum le wo gbɔ lɔƒo,
15kasia Sebeatɔwo va dze wo dzi kplɔ wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi eye nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
16Esi wòganɔ nu ƒom ko la, dɔla bubu va eye wògblɔ be, “Mawu ƒe dzo ge tso dziƒo eye wòfia alẽawo kple dɔlawo, nye ɖeka koe si be mava gblɔe na wò!”
17Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
18Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le nya si gblɔm wònɔ me o la, dɔla bubu ge ɖe eme eye wògblɔ be, “Viwò ŋutsuwo kple nyɔnuwo nɔ nu ɖum, nɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me.
19Kasia ya sesẽ aɖe ƒo tso gbegbe va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe me. Tete xɔ la mu dze wo dzi eye woku; nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
20Esi Hiob se esia la, etso hedze eƒe awu ʋlaya eye wòlũ eƒe taɖa. Edze klo de ta agu,
21hedo gbe ɖa be,
22Le esiawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ to fɔbubu Mawu me be ewɔ nu gbegblẽ o.