We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yesaya 8

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yesaya 7 Yesaya Yesaya 9 →

1Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ nuŋlɔkpe gã aɖe, eye nàŋlɔ ɖe edzi bena aboyonu, afɔnetsɔ, nuhaha, va kaba.

2Mayɔ nunɔla Uria kple Zekaria, Yeberekia ƒe vi be woanye ɖasefo wɔnuteƒewo nam.”

3Ale mete ɖe nyɔnu nyagblɔɖila ŋu, eye wòfɔ fu hedzi ŋutsuvi. Yehowa gblɔ nam be, “Mana ŋkɔe be Aboyonu, Afɔnetsɔ, Nuhaha, Va Kaba.

4Hafi ɖevi la nate ŋu ayɔ ‘papa’ kple ‘dada’ la, Asiria fia aho aʋa ava dze Damasko kple Samaria dzi, eye wòalɔ woƒe kesinɔnuwo adzoe.”

5Yehowa gagblɔ nam be,

6“Esi wònye be ame siawo gbe nu le Siloa

7eya ta Aƒetɔ la ana tɔsisi la

8asi ato Yuda, atsyɔ edzi agbagba,

9Mi dukɔwo mido aʋaɣli,

10Mide aɖaŋu na aʋawɔwɔ,

11Ale Yehowa ƒo nu kplim kple kakaɖedzi hede se nam be, magadze ame siawo yome o.

12Mègaxɔ nugbeɖoɖo si

13Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la koe nye ame si miabu kɔkɔe.

14eye wòazu kɔkɔeƒe, gake anye agakpe kikli

15Ame geɖewo aklii,

16Bla ɖaseɖiɖi la, eye nàtre nye nufiafia nu

17Makpɔ mɔ na Yehowa

18Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.

19Ne amewo gblɔ na mi be, miyi miabia nu le ŋɔliyɔlawo kple afakalawo, ame siwo doa dalĩ kple ŋɔtimegbe gbɔ la, ɖe mele be amewo nabia nu woƒe Mawu boŋ oa? Ɖe woabia nu ame kukuwo na ame gbagbewoa?

20Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.

21Woate wo ɖe anyi, eye dɔ awu wo. Woatsa tsaglãla le anyigba blibo la dzi, eye le dɔwuame ƒe sesẽ ta la woado dziku, aƒo fi ade woƒe fia kple woƒe Mawu.

22Ekema woade wo to, ke nu si ko woakpɔe nye vevesese kple viviti kple blukɔ dziŋɔ, eye woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti tsiɖitsiɖi me.

← Yesaya 7 Yesaya Yesaya 9 →