We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Yesaya 19

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Yesaya 18 Yesaya Yesaya 20 →

1Esiae nye nyagblɔɖi ɖe Egipte ŋu.

2“Mana be Egiptetɔwo nawɔ avu kple wo nɔewo,

3Dzi aɖe le Egiptetɔwo ƒo, eye matɔtɔ woƒe ɖoɖowo.

4Matsɔ Egiptetɔwo ade ŋutasẽla aɖe ƒe ŋusẽ te,

5Nil tɔsisi la amie,

6Tɔʋumetsiwo aƒaƒã, anɔ ʋeʋẽm.

7Nenema ke gbe siwo mie ɖe Nil tɔsisi la to

8Tɔƒodelawo kple ame siwo doa ƒu ɖe tɔsisi la me la aɖe hũu, afa konyi,

9Ɖetitrelawo abu mɔkpɔkpɔ,

10Ketelɔlawo ƒe mo atsi daa

11Zoan ƒe dumegãwo azu bometsilawo.

12Afi ka miaƒe nunyalawo le azɔ.

13Zoan ƒe dumegãwo zu bometsilawo.

14Yehowa tsɔ ŋuzitsɔame ƒe gbɔgbɔ de wo me.

15Naneke meli Egipte nawɔ o, ta alo asike,

16Ɣe ma ɣi la, Egiptetɔwo azu abe nyɔnuwo ene. Ŋɔ adzi wo woadzo nyanyanya le Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ƒe asi si wòkɔ dzi ɖe wo ŋuti la ta.

17Ne woyɔ Yuda ŋkɔ teti hã la, ŋɔ adzi Egiptetɔwo, eye woƒe dzi age ɖe dɔ me na wo ɖe gbegblẽ si Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, wɔ ɖe wo ŋu la ta.

18Le ɣe ma ɣi la, du gã atɔ̃ le Egiptenyigba dzi atrɔ adze Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la yome, eye woasrɔ̃ Hebrigbe agblɔ. Woayɔ du siawo dometɔ ɖeka be Heliopolis, Ɣekeklẽdu.

19Le ŋkeke mawo me la, woaɖi vɔsamlekpui gã aɖe ɖe Egiptenyigba la titina na Yehowa, eye woaɖi ŋkuɖodzikpe ɖe woƒe liƒo dzi na Yehowa.

20Esiae nye dzesi kple ŋkuɖodzi na Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, le Egiptenyigba dzi. Ne wodo ɣli na Yehowa le woƒe futɔwo ta la, aɖo ɖela kple ametaʋlila ɖe wo be wòaɖe wo le woƒe futɔwo ƒe asi me.

21Le ŋkeke ma me la, Yehowa aɖe eɖokui afia Egiptetɔwo, woadze si Yehowa, eye woatsɔ woƒe vɔsawo kple nunanawo asubɔe. Woaɖe adzɔgbe na Yehowa, eye woawɔ edzi.

22Yehowa akplɔ dɔvɔ̃ aƒu Egiptetɔwo; aƒo wo, eye wòagayɔ dɔ wo. Woatrɔ ɖe Yehowa ŋu, eye wòase woƒe kukuɖeɖe ahayɔ dɔ wo.

23Le ŋkeke ma me la, woado mɔ gã aɖe ɖe Egipte kple Asiria dome, Asiriatɔwo azɔ edzi ayi Egipte, Egiptetɔwo hã azɔ edzi ayi Asiria, eye wo kple eve la woasubɔ ɖekae.

24Ɣe ma ɣi la, Israel, nye etɔ̃lia akpe ɖe Egipte kple Asiria ŋu, esiae nye yayra le anyigba dzi.

25Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la ayra wo agblɔ be, “Woayra wò, Egipte, nye dukɔ, Asiria, nye asinudɔwɔwɔ kple wò, Israel, nye domenyinu.”

← Yesaya 18 Yesaya Yesaya 20 →