1Atilɔ aɖe adze tso Yese ƒe ke me;
2Yehowa ƒe Gbɔgbɔ anɔ eya amea dzi,
3eye Yehowavɔvɔ̃ ƒe nu anyo eŋu.
4gake adrɔ̃ ʋɔnu na ame dahewo le dzɔdzɔnyenye me,
5Dzɔdzɔenyenye anye eƒe alidziblaka,
6Amegaxi anɔ alẽvi gbɔ,
7Nyinɔ aɖu gbe le sisiblisiwo dome,
8Vi nonowo ata le ƒli ƒe do nu,
9Naneke mahe vɔ̃ alo gbegblẽ va
10Gbe ma gbe la, Yese ƒe ke la anye aflaga na anyigbadzitɔwo katã. Dukɔwo katã ava ƒo zi ɖe eŋu, elabena eƒe nɔƒe anye ŋutikɔkɔeteƒe.
11Gbe ma gbe la, Yehowa ado eƒe asi ɖa akplɔ aboyomewo tso Asiria, Dzigbe Egipte, Anyigbe Egipte, Kus, Elam, Babilonia, Hamat siwo susɔ la agbɔe zi evelia.
12Atu aflaga na dukɔwo,
13Efraim ƒe ŋuʋaʋã nu atso,
14Mlɔeba la, wo kple eve la woaɖi aga adze Filistitɔwo dzi le ɣetoɖoƒe,
15Yehowa ana Egipte ƒu la namie,
16Ale wòanye mɔtata na eƒe ame mamlɛ