We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Hebritɔwo 1

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

Hebritɔwo Hebritɔwo 2 →

1Le blema la Mawu ƒo nu na mia fofowo zi geɖe to mɔ vovovowo dzi to Nyagblɔɖilawo dzi.

2Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me.

3Vi la klẽna kple Mawu ƒe ŋutikɔkɔe. Enye ame si ɖe Mawu ƒe nɔnɔme tututu fia, eye wòna agbe nuwo katã to eƒe ŋusẽnya la me. Esi wòklɔ nu vɔ̃wo ɖa vɔ la, enɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusime le dziƒo.

4Ale wòkɔ sãa wu mawudɔlawo abe ale si ŋkɔ si wòtsɔ nyi domee la kɔ wu wo tɔ sãa ene.

5Elabena mawudɔlawo dometɔ kae Mawu gblɔ na kpɔ be,

6Eye esi Mawu dɔ via ŋgɔgbea ɖe xexea me la, egblɔ be,

7Mawu ƒo nu tso eƒe dɔlawo ŋuti be,

8Ke egblɔ le via ya ŋuti be,

9Èlɔ̃ dzɔdzɔenyenye, eye nèlé fu ŋutasesẽ, eya ta Mawu,

10Egagblɔ be,

11Woatsrɔ̃, gake wò la, ànɔ anyi,

12Àŋlɔ wo abe awu ʋlaya ene,

13Mawudɔla kae Mawu gblɔ na kpɔ be,

14Ekema nu kawoe mawudɔlawo nye? Wo katã nye gbɔgbɔ siwo subɔa Mawu, eye Mawu dɔa wo be woakpe ɖe ame siwo anyi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe dome la ŋuti.

Hebritɔwo Hebritɔwo 2 →