We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Hezekiel 21

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Hezekiel 20 Hezekiel Hezekiel 22 →

1Yehowa ƒe nya va nam be,

2“Trɔ wò mo ɖe Yerusalem ŋu, eye nàgblɔ nya atsi tsitre ɖe kɔkɔeƒe la ŋu. Gblɔ nya ɖi ɖe Israelnyigba ŋu,

3eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: Metsi tsitre ɖe ŋuwò. Maɖe nye yi le eƒe aku me, eye matsrɔ̃ wò ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa.

4Esi mele ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa tsrɔ̃ ge le dziwò ta la, nye yi aɖe le aku me ɖe ame sia ame ŋu, tso dziehe yi anyiehe.

5Ekema amewo katã anya be nye Yehowae ɖe nye yi le aku me; magatrɔ yi aku me azɔ o.’

6“Eya ta, nɔ ŋeŋem, Ame vi, ŋe le wo ŋkume kple dzigbagbã kple vevesese helĩhelĩ.

7Eye ne wobia wò be, ‘Nu ka ta nèle ŋeŋem ɖo?’ la, àɖo eŋu be, ‘Le nyadzɔdzɔ si gbɔna la ta. Dzi ɖe sia ɖe alolõ, asi ɖe sia ɖe adze ti, gbɔgbɔ ɖe sia ɖe ayi to, eye klo ɖe sia ɖe agbɔdzɔ abe tsi ene.’ Egbɔna! Ava eme godoo, Aƒetɔ Yehowae gblɔe.”

8Aƒetɔ Yehowa ƒe nya va nam,

9“Ame vi, gblɔ nya ɖi be ‘Nu si Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi:

10Wonyree hena amewuwu

11“ ‘Woɖo na yi be woatutu eŋu, woake dzo, woalée ɖe asi,

12Do ɣli eye nàfa avi, Ame vi,

13“ ‘Dodokpɔɣi ava godoo. Ekema nya kae adzɔ ne Yuda ƒe fiatikplɔ, si yi doa vloe la, megayi edzi o? Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’

14“Ekema, Ame vi, gblɔ nya ɖi, eye nàƒo asikpe.

15Ale be dziwo nalolo banaa,

16O! Yi, lã nu yi ɖusime, emegbe yi miame,

17Nye hã maƒo asikpe, eye nye dziku nu abɔbɔ.

18Yehowa ƒe nya va nam.

19“Ame vi, de dzesi mɔ eve be Babilonia fia ƒe yi nato; mɔ eve siawo nadze egɔme tso anyigba ɖeka ma ke dzi. Tu mɔfiati aɖe ɖe afi si mɔa dze le ɖo ta du la me.

20De dzesi mɔ ɖeka wòato ayi ɖe Amonitɔwo ƒe Raba ŋu, eye bubu nayi Yuda kple Yerusalem, du si woglã la ŋu,

21elabena Babilonia fia atɔ ɖe mɔdzeƒe la, le mɔ eveawo dzeƒe, be yeaka afa. Aka nu kple aŋutrɔwo, abia gbe eƒe legbawo, eye wòalé ŋku ɖe eƒe aklã ŋuti.

22Nu si adzɔ ɖe Yerusalem dzi la, woatsɔe ade eƒe nuɖusime, afia afi si woatu gligbãnuwo ɖo, woaɖe gbe be woawu amewo woado aʋaɣli, wòatu gligbãnu ɖe agboawo nu, woaƒo kpo, eye woawɔ atsrɔewo ɖe gliawo ŋu.

23Adze abe aʋatsoɖeɖefia ene na ame siwo do ŋugbe be yewoanɔ edzi, ke aɖo ŋku woƒe dzidadawo dzi na wo, eye woaɖe aboyo wo.

24“Eya ta ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. ‘Esi mi ame siawo mieɖo ŋku miaƒe vodada dzi to miaƒe aglãdzedze me, eye mieɖe miaƒe nu vɔ̃wo fia le nu siwo katã miewɔ me, esi miewɔ esia ta la, woaɖe aboyo mi.’

25“ ‘O! Wò Israel dziɖula vɔ̃ɖi, ame si gblɔa nya tovowo, ame si ƒe ŋkeke de, ame si ƒe ɣeyiɣi na tohehe ɖo eƒe kɔkɔƒe,

26ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye si. Ɖe wò tablanu, eye nàɖe wò fiakuku. Maganɔ abe ale si wònɔ tsã la ene o: woado ame tsɛwo ɖe dzi, eye woabɔbɔ amegãwo ɖe anyi.

27Gbegblẽ! Gbegblẽ! Mawɔe wòazu gbegblẽ. Womagbugbɔe aɖo te o va se ɖe esime wòava aɖo ame si tɔ wònye la ƒe asi me; eyae matsɔe ana.’

28“Eye wò, Ame vi, gblɔ nya ɖi be, ‘Alea Yehowa gblɔ tso Amonitɔwo kple woƒe amedzudzuwo ŋue nye esi:

29Togbɔ be aʋatsoŋutegawo ƒe alakpaɖeɖefiawo le ŋuwò hã la,

30Tsɔ yi la de eƒe aku me.

31Matrɔ nye dziku akɔ ɖe dziwò,

32Ànye nake na dzo,

← Hezekiel 20 Hezekiel Hezekiel 22 →