1Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Ester do eƒe fiawu, eye wòyi fiasã la ƒe xɔxɔnu emetɔ me le afi si amewo ƒoa ƒu ɖo le fiasã la me la ŋgɔ. Fia la nɔ eƒe fiazikpui dzi le afi ma hedze ŋgɔ mɔa nu.
2Esi wòkpɔ Fianyɔnu Ester wòtsi tsitre ɖe afi ma la, edo dzaa nɛ, eye wòtsɔ sikafiatikplɔ si wolé ɖe asi la do ɖee. Ale Ester te ɖe eŋu, eye wòlé fiatikplɔ la tame.
3Fia la biae be, “Nu kae nye wò didi, Fianyɔnu Ester? Nu ka nàbia? Nu sia nu si nàbia la, mana wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”
4Ester ɖo eŋu be, “Ne edze ŋuwò la, medi be wò kple Haman miava kplɔ̃ si meɖo na wò egbe la ŋu.”
5Fia la gblɔ na eƒe subɔlawo be, “Miyi miagblɔ na Haman be wòaɖe abla ava, ale be miawɔ ɖe Ester ƒe didi dzi.”
6Esi wonɔ wain nom la, fia la gblɔ na Ester be, “Gblɔ nu si tututu nèhiã la nam azɔ, eye matsɔe na wò, ne èbia nye fiaɖuƒe la ƒe afã gɔ̃ hã, matsɔe na wò!”
7Ester ɖo eŋu be, “Esiae nye nye biabia kple kukuɖeɖe.
8Nenye be fia la nyo dɔ me nam, eye nenye be edze fia la ŋu be wòawɔ ɖe nye didi kple biabia dzi la, ekema fia la kple Haman negava ɖu nu le kplɔ̃ si maɖo na wò etsɔ la ŋu. Ekema maɖo fia la ƒe biabia ŋu nɛ.”
9Esi wokaka le kplɔ̃a ŋu la, Haman dzo kple dzidzɔ gã aɖe. Esi wòkpɔ Mordekai le agboa nu, eye Mordekai metsi tsitre alo dzo nyanyanya le eŋkume o la, edo dɔmedzoe ŋutɔ.
10Ke eɖu eɖokui dzi, yi aƒe me, eye wòyɔ exɔlɔ̃wo kple srɔ̃a Zeres.
11Eƒo adegbe le eƒe gakpɔkpɔ vivivo, viŋutsuwo ƒe agbɔsɔsɔ, ale si fia la doe ɖe dzii kple ale si wòzu ame gãtɔ si kplɔ fia la ɖo le fiaɖuƒe la me la ŋu.
12Eyi edzi be, “Ɛ̃, menye ema koe o; Fianyɔnu Ester kpe nye kple fia la ɖeɖe pɛ ko ɖe kplɔ̃ si wòɖo na mí la ŋu. Gawu la, egakpe mí na etsɔ hã!
13Ke esiawo katã maɖi ƒo nam o, zi ale si Mordekai, Yudatɔ ma nɔ anyi ɖe fia la ƒe agbo nu mele kpɔkpɔm.”
14Zeres, Haman srɔ̃ kple Haman xɔlɔ̃wo katã gblɔ nɛ be, “Enyo; tu kadeveti aɖe wòakɔ mita blaeve-vɔ-etɔ̃. Ne ŋu ke la, nàbia fia la be wòana mɔ wò nade ka ve na Mordekai ɖe kadeveti la ŋu. Ne èwɔ esia vɔ la, ekema àte ŋu agayi kplɔ̃ la ŋu kple fia la kple dzidzɔ.” Aɖaŋu sia dze Haman ŋu ŋutɔ, eya ta wòna wotu kadeveti la.