We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Ezra 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Ezra 1 Ezra Ezra 3 →

1Azɔ la, ame siwo nɔ fiaɖuƒe la me, ame siwo Babilonia fia, Nebukadnezar ɖe aboyoe yi Babilonia, eye wogbɔ tso aboyome va Yerusalem kple Yuda le Zerubabel ƒe kpɔkplɔ te heyi ɖanɔ woawo ŋutɔ ƒe duwo me la woe nye.

2Zerubabel, Yesua, Nehemia, Seraya, Relaya, Mordekai, Bilsan, Mispar, Bigvai, Rehum kple Baana:

3Tso Paros ƒe dzidzimeviwo dome, ame akpe eve alafa ɖeka blaadre-vɔ-eve (2,172).

4Sefatia ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ blaadre-vɔ-eve (372).

5Ara ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre blaadre-vɔ-atɔ̃ (775).

6Pahat Moab ƒe dzidzimeviwo, to Yesua kple Yoab ƒe ƒomewo dzi le ame akpe eve alafa enyi kple wuieve (2,812).

7Elam ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).

8Zatu ƒe dzidzimeviwo, ame alafa asiekɛ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (945).

9Zakai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa adre kple blaade (760).

10Bani ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaene-vɔ-eve (642).

11Bebai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade blaeve-vɔ-etɔ̃ (623).

12Azgad ƒe dzidzimeviwo, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaeve-vɔ-ene (1,222).

13Adonikam ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ade kple blaade-vɔ-ade (666).

14Bigvai ƒe dzidzimeviwo, ame akpe eve kple blaatɔ̃-vɔ-ade (2,056).

15Adin ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ene kple blaatɔ̃-vɔ-ene (454).

16Ater ƒe dzidzimeviwo, to Hezekia dzi, ame blaasiekɛ-vɔ-enyi (98).

17Bezai ƒe dzidzimeviwo, ame alafa etɔ̃ kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (323).

18Yorah ƒe dzidzimeviwo, ame alafa ɖeka kple wuieve (112).

19Hasum ƒe dzidzimeviwo, ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223).

20Gibar ƒe dzidzimeviwo, ame blaasiekɛ-vɔ-atɔ̃ (95).

21Ŋutsu siwo tso Betlehem gbɔ la ƒe xexlẽme le alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (123).

22Ame siwo tso Netofa le ame blaatɔ̃-vɔ-ade (56).

23Ame siwo tso Anatɔt le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-enyi (128).

24Ame siwo tso Azmavet le ame blaene-vɔ-eve (42).

25Ame siwo tso Kiriat Yearim, Kefira kple Beerot le ame alafa adre kple blaene-vɔ-etɔ̃ (743).

26Ame siwo tso Rama kple Geba le ame alafa ade kple blaeve-vɔ-ɖekɛ (621).

27Ame siwo tso Mikmas le ame alafa ɖeka kple blaeve-vɔ-eve (122).

28Ame siwo tso Betel kple Ai le ame alafa eve kple blaeve-vɔ-etɔ̃ (223).

29Ame siwo tso Nebo le ame blaatɔ̃ vɔ eve (52).

30Ame siwo tso Magbis le ame alafa ɖeka kple blaatɔ̃-vɔ-ade (156).

31Ame siwo tso Elam ƒe to evelia me le ame akpe ɖeka alafa eve kple blaatɔ̃-vɔ-ene (1,254).

32Ame siwo tso Harim le ame alafa etɔ̃ kple blaeve (320).

33Ame siwo tso Lod, Hadid kple Ono le ame alafa adre kple blaeve vɔ atɔ̃ (725).

34Ame siwo tso Yeriko le ame alafa etɔ̃ kple blaene-vɔ-atɔ̃ (345).

35Ame siwo tso Senaa le ame akpe etɔ̃ alafa ade kple blaetɔ̃ (3,630).

36Nunɔla siwo gbɔ la ƒe ƒometɔwo ƒe xexlẽme le ale:

37Tso Imer ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple blaatɔ̃ vɔ eve (1,052).

38Tso Pasur ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka alafa eve kple blaene-vɔ-adre (1,247).

39Tso Harim ƒe dzidzimeviwo me, ame akpe ɖeka kple wuiadre (1,017).

40Levitɔwo:

41Hadzilawo:

42Gbedoxɔ ƒe agbonudzɔlawo:

43Gbedoxɔmedɔwɔlawo tso ƒome siawo me:

44Keros, Siaha, Padon,

45Lebana, Hagaba, Akub,

46Hagab, Salmai, Hanan,

47Gidel, Gahar, Reaia,

48Rezin, Nekoda, Gazam,

49Uza, Pasea, Besai,

50Asna, Meunim, Nefusim,

51Bakbuk, Hakufa, Harhur,

52Bazlut, Mehida, Harsa,

53Barkos, Sisera, Tema,

54Nezia kple Hatifa.

55Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwoe nye:

56Yaala, Darkon, Gidel,

57Sefatia, Hatil, Pokeret Hazebaim kple Ami ƒe dzidzimeviwo.

58Gbedoxɔmesubɔlawo kple Solomo ƒe dɔlawo ƒe dzidzimeviwo le ame alafa etɔ̃ kple blaasiekɛ-vɔ-eve (392).

59Ame siwo ƒe ŋkɔwo gbɔna la tso Tel Mela, Tel Harsa, Kerub, Adon kple Imer, gake womate ŋu agblɔ nenye be woƒe ƒome do tso Israel ƒe toawo me o.

60Wonye Delaya, Tobia kple Nekoda ƒe dzidzimeviwo. Woƒe xexlẽme le alafa ade kple blaatɔ̃ vɔ eve (652).

61Ame siawo hã tso nunɔlawo dome:

62Ame siawo di woƒe ƒomegbalẽ vevie gake womekpɔe o, eya ta womeɖe mɔ be woawɔ nunɔladɔ o, elabena wobui be wo ŋuti mekɔ o.

63Gɔvina la de se be womekpɔ mɔ aɖu nuɖuɖu kɔkɔeawo ƒe ɖeke o va se ɖe esime nunɔla aɖe nabia gbe Mawu to Urim kple Tumim dzi hafi.

64Ame siwo katã gbɔ la ƒe xexlẽme le akpe blaene-vɔ-eve alafa etɔ̃ kple blaade (42,360).

65Woƒe ŋutsudɔlawo kple nyɔnudɔlawo le ame akpe adre alafa etɔ̃ kple blaetɔ̃-vɔ-adre (7,337) kpe ɖe hadzila alafa eve (200) ŋuti.

66Wotsɔ sɔ alafa adre kple blaetɔ̃ vɔ ade (736), tedzisɔ alafa eve kple blaene-vɔ-atɔ̃ (245),

67kposɔ alafa ene kple blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ (435) kple tedzi akpe ade alafa adre kple blaeve (6,720) gbɔe.

68Esi wova ɖo Yehowa ƒe aƒe me le Yerusalem la, ƒometatɔ aɖewo na lɔlɔ̃nununana be woatsɔ agbugbɔ Mawu ƒe aƒe la atu ɖe teƒe si wònɔ tsã.

69Le woƒe ŋutete nu la, wona sikaga kilogram alafa atɔ̃ (500), klosaloga tɔ̃n etɔ̃ kple nunɔlawu alafa ɖeka (100) be woatsɔ de dɔ sia me.

70Nunɔlaawo, Levitɔwo, hadzilawo, agbonudzɔlawo kple gbedoxɔmesubɔlawo yi ɖanɔ woƒe duwo me kple gbɔgbɔla bubuwo, eye Israelvi mamlɛawo yi ɖanɔ woƒe duwo me.

← Ezra 1 Ezra Ezra 3 →