1Miɖo to, o, dziƒo kple anyigba!
2Nye nyawo adza ɖe mia dzi
3Maɖe gbeƒã Yehowa ƒe gãnyenye
4Eyae nye Agakpe la.
5Ke Israel gblẽ: nu vɔ̃ blibae.
6Nu siae nàwɔ ɖe Yehowa ŋua?
7Ɖo ŋku gbe aɖe gbe ʋĩi dzi!
8Mawu, dziƒoʋĩtɔ la, ma xexea me ɖe dukɔwo dome
9Ke mena mawudɔla aɖeke Israel o,
10Yehowa kpɔ eta le gbedadaƒo
11Ekeke eƒe aʋala ɖe edzi
12Yehowa ɖeka koe nɔ ekplɔm
13Etsɔ tonyigba nyonuwo nɛ
14Ena notsi kple lãe
15Ke sẽe ko la, Yesurun ɖu nu ɖi ƒo,
16Edo dɔmedzoe ŋutɔ ɖe woƒe dzromawuwo subɔsubɔ ta;
17Israel sa vɔ na trɔ̃wo, siwo menye Mawu o
18Eɖe kɔ ɖa le Agakpe si wɔe la ŋu
19Yehowa kpɔ nu si wɔm Israel le;
20Eye wògblɔ be, “Magblẽ wò ɖi
21Wona meʋã ŋu woƒe legbawo ŋutɔ,
22Elabena nye dɔmedzoe do dzo aɖe
23“Mali ke dzɔgbevɔ̃e ɖe edzi
24Mana dɔwuame, ŋudza kple kudɔ
25Futɔwo ƒe yiwo le dua godo,
26Maka eƒe amewo ahlẽ
27Ke mebu eŋu hekpɔ be,
28Israel nye abunɛdukɔ aɖe
29O! Nunyalawo woanye hafi
30Aleke wɔ futɔ ɖeka pɛ
31Ke dukɔ bubuawo ƒe agakpe
32Woƒe wainkawo nye Sodom wainkawo
33Woƒe wainwo nye da ƒe aɖiwo
34Ke Israel nye dukɔ tɔxɛ;
35Tɔnyee nye hlɔ̃biabia.
36Yehowa axɔ na eƒe dukɔ,
37Ekema Mawu abia be,
38Afi ka mawu siwo wosaa vɔ na
39Miekpɔ be nye koe nye Mawu oa?
40Zi ale si wònye nyee
41be manyre nye yi dadzo la,
42Woƒe ʋu atsyɔ le aŋutrɔ ŋu
43Dukɔwo, mikafu Yehowa ƒe amewo,
44Mose kple Yosua, Nun ƒe viŋutsu la, gblɔ ha sia me nyawo ale be Israelviwo nate ŋu ase wo.
45Esi Mose wu Mawu ƒe seawo fiafia Israel dukɔ blibo la nu vɔ la,
46egblɔ na wo be, “Mide ŋugble le se siwo katã mede na mi egbe la ŋuti, eye miade wo asi na mia viwo.
47Se siawo menye nya ƒuƒluwo ko o. Woawoe nye miaƒe agbe! Ne miewɔ ɖe se siawo dzi la, mianɔ agbe didi, eye nuwo adze edzi na mi nyuie le anyigba si xɔ ge mieyina le Yɔdan tɔsisi la godo la dzi.”
48Yehowa gblɔ na Mose gbe ma gbe ke be,
49“Yi Nebo to la dzi le Abarim towo dome le Moabnyigba dzi le Yeriko kasa. Yi to la tame ke, eye nàkpɔ Kanaanyigba la, anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa.
50Ne èkpɔ anyigba la ɖa la, ele na wò be nàku, eye nàyi tɔgbuiwòwo gbɔ abe ale si nɔviwò Aron ku le Hor to la dzi, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔe ene,
51esi nèklo bubu le ŋunye le Israelviwo dome le Meriba Kades le Zin gbedzi la ta.
52Àkpɔ anyigba si mele tsɔtsɔm na Israelviwo la ɖa tso adzɔge, gake màde anyigba la dzi o.”