We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Nyaɖeɖefia 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Nyaɖeɖefia 6 Nyaɖeɖefia Nyaɖeɖefia 8 →

1Le esia megbe la, mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wona be ya eneawo magaƒo ato anyigba, atsiaƒu alo ati aɖeke dzi o.

2Tete mekpɔ mawudɔla bubu tso ɣedzeƒe gbɔna, eye wòlé Mawu gbagbe la ƒe nutrenu ɖe asi. Eyɔ mawudɔla ene, ame siwo wona ŋusẽe be woawɔ nu vevi anyigba kple atsiaƒu la kple gbe sesẽ be,

3“Mègawɔ nu vevi aɖeke anyigba, atsiaƒu loo alo atiwo o, va se ɖe esime míatsɔ nutrenu aɖo ŋgonu na míaƒe Mawu la ƒe dɔlawo.”

4Emegbe la, mekpɔ ame siwo wotsɔ nutrenu ɖo ŋgonu na la ƒe xexlẽme. Wole ame akpe alafa ɖeka blaene-vɔ-ene (144,000) eye wo katã wotso Israel ƒe toawo me.

5Wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Yuda ƒe to la me,

6wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Aser ƒe to la me,

7wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Simeon ƒe to la me,

8wode dzesi ame akpe wuieve (12,000) tso Zebulon ƒe to la me,

9Le esia megbe la, mekpɔ ameha gã aɖe si womate ŋu axlẽ o la le nye ŋkume. Wotso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ƒome ɖe sia ɖe kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe me. Wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ le Alẽvi la ŋkume. Wodo awu ʋlaya ɣiwo, eye wolé deʋayawo ɖe asi.

10Wole ɣli dom kple gbe sesẽ be,

11Mawudɔlawo katã nɔ tsitre ƒo xlã fiazikpui la, amegãxoxoawo kple nu gbagbe eneawo. Wotsyɔ mo anyi ɖe fiazikpui la ŋgɔ, eye wosubɔ Mawu,

12le gbɔgblɔm be,

13Tete amegãxoxoawo dometɔ ɖeka biam be, “Ame kawoe nye ame siawo le awu ʋlaya ɣiwo me, eye afi ka wotso?”

14Meɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, wòe nyae.”

15Eya ta,

16‘Dɔ magawu wo akpɔ gbeɖe o.

17elabena Alẽvi si le fiazikpui la titina la

← Nyaɖeɖefia 6 Nyaɖeɖefia Nyaɖeɖefia 8 →