We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Nyaɖeɖefia 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Nyaɖeɖefia 3 Nyaɖeɖefia Nyaɖeɖefia 5 →

1Le esia megbe la, mekpɔ ʋɔtru aɖe le ʋuʋu le dziƒo le nye ŋkume, eye gbe si mese gbã wònɔ nu ƒom nam abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene la gblɔ be, “Va dziƒo afii, eye mafia nu si ava adzɔ le etsɔ me la wò.”

2Tete menɔ Gbɔgbɔ la me, eye fiazikpui aɖe si le dziƒo la nɔ nye ŋkume, eye ame aɖe nɔ edzi.

3Ame si nɔ fiazikpuia dzi la ƒe dzedzeme le abe kpe xɔasiwo, yaspa kple kanelia ene. Anyieʋɔ si le abe kpe xɔasi emerald ene la ƒo xlã fiazikpui la.

4Fiazikpui sue blaeve-vɔ-ene ƒo xlã fiazikpui gãtɔ la, eye amegãxoxo blaeve-vɔ-ene nɔ wo dzi. Wo katã wodo awu ɣiwo, eye woɖɔ sikafiakukuwo.

5Dzikedzo, dziɖegbe kple sokpewo le dodom tso fiazikpui la me. Akaɖi adre nɔ bibim le fiazikpui la ŋgɔ. Esiawoe nye Mawu ƒe gbɔgbɔ adreawo.

6Nane si le abe atsiaƒu ene, esi me kɔ abe kristalokpe ene la hã nɔ fiazikpui la ŋgɔ le afi ma.

7Nu gbagbe siawo dometɔ gbãtɔ ɖi dzata. Evelia ɖi nyitsu. Etɔ̃lia ƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ, eye enelia le abe hɔ̃ si keke eƒe aʋalawo abe dzodzom wòle ene.

8Aʋala ade nɔ nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe si, woto ŋku ɖe aʋalawo ŋu kpe ɖo, eye woto ŋku ɖe woƒe aʋalawo te gɔ̃ hã. Wonɔ ha dzim madzudzɔmadzudzɔe zã kple keli be,

9Ne nu gbagbeawo le ŋutikɔkɔe, bubu kple akpedada tsɔm na ame si nɔ fiazikpui la dzi, eye wòle agbe tegbetegbe la,

10ekema amegãxoxo blaeve-vɔ-eneawo yia klo dzi hetsyɔa mo anyi ɖe eya ame si nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi la ŋgɔ, eye wosubɔa eya ame si le agbe tegbetegbe la. Woɖea woƒe fiakukuwo dana ɖe fiazikpui la ŋgɔ henɔa ha dzim be,

11“Míaƒe Aƒetɔ kple Mawu,

← Nyaɖeɖefia 3 Nyaɖeɖefia Nyaɖeɖefia 5 →