1David ƒe nya mamlɛtɔwoe nye esiawo:
2“Yehowa ƒe Gbɔgbɔ ƒo nu to dzinye
3Israel ƒe Agakpe la gblɔ nam be,
4anɔ abe ŋdikekeli ene,
5“Ɖe nye aƒe mele dzɔdzɔe le Mawu ŋkume oa?
6Ke woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖe aga abe ŋutiwo wonye ene.
7Ame si di be yeafɔ ŋuti la tsɔa nu lénɛ,
8Kalẽtɔ xɔŋkɔ etɔ̃ siwo nɔ David ƒe aʋakɔ la me woe nye esiawo:
9Ame Sesẽ Etɔ̃awo dometɔ eveliae nye Eleazar, Dodai ƒe vi, ame si nye Ahohitɔ. Enɔ ame etɔ̃ siwo kpe ɖe David ŋu wotɔ te Filistitɔwo le Pas Damim esime Israel ƒe aʋawɔla bubuawo katã si la dome.
10Ewu Filistitɔwo va se ɖe esime ɖeɖi te eƒe asi ŋu eye magate ŋu alé yi o; Yehowa na dziɖuɖu gã aɖee. Aʋawɔla mamlɛawo megatrɔ gbɔ o va se ɖe esime ɣeyiɣi ɖo hena afunyinuwo haha!
11Ame si kplɔe ɖo lae nye Sama, Agee ƒe vi, tso Harar. Gbe ɖeka le aʋakpekpe aɖe kple Filistitɔwo me le teƒe aɖe si bli le fũu eye Israel ƒe aʋawɔlawo katã si la,
12Sama ɖeka tɔ ɖe bligble la titina eye wòxɔe hewu Filistitɔwo. Yehowa na wòɖu dzi gã aɖe.
13Gbe ɖeka, esime David nɔ agado me le Adulam eye Filistitɔwo ƒe aʋawɔlawo nɔ Refaim balime la, ame etɔ̃ tso Israelviwo ƒe aʋafia xɔŋkɔtɔ blaetɔ̃ me yi ɖakpɔe ɖa le nuŋeɣi.
1416 David nɔ mɔ la me eye Filistitɔwo ƒe aʋakɔ ɖo Betlehem le ɣe ma ɣi.
15David gblɔ kple didi be, “Tsikɔ le wunyem vevie. Oo, ne ame aɖe aku tsi tso vudo si le Betlehem ƒe agbo nu la me vɛ nam la, anyo ŋutɔ.”
16Ale aʋafia etɔ̃ siawo to Filistitɔwo dome, ku tsi tso vudo si te ɖe Betlehem ƒe agbo ŋu me yi na David. Ke David gbe meno tsi la o, ke boŋ etrɔe kɔ ɖi le Yehowa ƒe ŋkume,
17hegblɔ be, “Yehowa, nyemate ŋu awɔ esia gbeɖe o!”
18Abisai, Yoab nɔvi, Zeruya vi nye amegã na ame etɔ̃awo. Etsɔ eƒe akplɔ wu futɔ alafa etɔ̃ kpɔ ale wòxɔ ŋkɔ abe ame etɔ̃awo ene.
19Ɖe womede bubu eŋu wu ame xɔŋkɔ etɔ̃awo oa? Ezu woƒe kplɔla togbɔ be womebui ɖe wo dome o hã.
20Benaya Yehoiada ƒe vi, ame si fofo nye aʋawɔla kalẽtɔ aɖe tso Kabzeel la wu ame dzɔtsu xɔŋkɔ eve siwo nɔ Moab nyigba dzi. Emegbe la, egawu dzata le do aɖe me gbe si gbe sno dza.
21Le ɣeyiɣi bubu hã la, ewu Egiptetɔ aɖe. Togbɔ be Egiptetɔ la lé akplɔ ɖe asi hã la, Benaya lũ ɖe edzi kple kpo, dui le esi eye wòtsɔ Egiptetɔ la ŋutɔ ƒe akplɔ wui.
22Nu siawoe Benaya, Yehoiada ƒe vi wɔ. Eya hã xɔ ŋkɔ abe ame sesẽ etɔ̃awo ene.
23Wobunɛ wu ame xɔŋkɔ Blaetɔ̃awo dometɔ ɖe sia ɖe gake womedee ame Etɔ̃awo dome o. Ke David tsɔe ɖo eŋudzɔlawo nu.
24Ame siwo nɔ ame blaetɔ̃awo dome:
25Sama tso Harod;
26Helez tso Palti;
27Abiezer tso Anatɔt;
28Zalmɔn si nye Ahohitɔ,
29Heleb, Boana ƒe vi, tso Netofat;
30Benaya tso Piratɔn;
31Abi Albon tso Arbat;
32Eliahba tso Saalbɔn;
33Sama tso Hara,
34Elifelet, Ahasbai ƒe vi, tso Maka;
35Hezro tso Karmel;
36Igal, Natan ƒe vi tso Zoba;
37Zelek tso Amon;
38Ira tso Yatir;
39kple Uria, Hititɔ la.