We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Samuel 2 18

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Samuel 2 17 Samuel 2 Samuel 2 19 →

1David ƒo aʋawɔla siwo nɔ eŋu la nu ƒu eye wòɖe aʋakplɔlawo ɖo ame akpewo kple alafawo nu.

2Akpa ɖeka nɔ Yoab nɔviŋutsu, Abisai, Zeruya ƒe viŋutsu te. Akpa evelia nɔ Itai, Gititɔ la te eye Fia David ɖo be akpa etɔ̃lia nanɔ ye ŋutɔ yeƒe kpɔkplɔ te hafi, gake ameawo gbe nɛ

3hegblɔ be, “Mele be wò ŋutɔ nàkplɔ aʋalɔgo aɖeke o, elabena ne wòahiã be míasi eye woawu aʋalɔgo la ƒe afã la, womatsɔ ɖeke le eme o. Woanɔ wò ɖeka ko dim, eya ta enyo wu be nànɔ dua me le afi sia eye ne aɖaŋu aɖe hiã mí la, nàɖoe ɖe mí.”

4Fia la ɖo eŋu be, “Enyo, mawɔ nu sia nu si nyo na mi ko.”

5Fia la gblɔ na Yoab, Abisai kple Itai be, “Mixa ɖe tanye ne miakpɔ nublanui na vinye Absalom.” Aʋawɔlawo katã se nya si fia la gblɔ na wo.

6Ale David ƒe aʋakɔ la ho aʋa ɖe Israel ŋu eye wodze aʋa la gɔme le Efraim ƒe ave la me.

7David ƒe amewo ɖu Israel ƒe aʋakɔ la dzi. Wowu ame akpe blaeve (20,000) sɔŋ le Israelviwo dome gbe ma gbe.

8Ame siwo bu le avea me la sɔ gbɔ wu ame siwo wowu.

9Le aʋa la me la, Absalom va do go David ƒe amewo. Esi Absalom nɔ eƒe tedzisɔ dzi si yina la, tedzisɔa to logoti aɖe ƒe alɔdzewo te eye eƒe taɖa ku alɔdze aɖe. Tedzisɔ la si dzo, do le ete le esime eya ŋutɔ tsi ɖe alɔdze la ŋu henɔ nyenyem segblesegble le yame.

10David ƒe amewo dometɔ ɖeka kpɔe eye wògblɔe na Yoab bena, “Kpɔ ɖa, mekpɔ Absalom wòtsi klẽti aɖe ŋu.”

11Yoab biae be, “Nyateƒea? Èkpɔe le afi ma hafi mèwui oa? Nenye ɖe nèwui la, anye ne mana klosalo ewo kple alidziblaka ewo wò.”

12Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ne àna klosalo akpe ɖeka teƒe akpe ɖekam hã la, nyemawui o. Mí katã míese fia la wògblɔ na wò kple Abisai kple Itai be, ‘Le tanye la, migawɔ nuvevi aɖeke vinye Absalom o.’

13Ne magbe nyemawɔ fia la ƒe gbe dzi o eye mawu via la, fia la ava nya ame si wu via kokoko eye wòe anye ame gbãtɔ si atsɔ nya ɖe ŋunye.”

14Yoab gblɔ be, “Migagblẽ ɣeyiɣi nam o.” Tete wòtsɔ akplɔ etɔ̃ ɖe asi eye wòtsɔ wo nyrɔ ɖe Absalom ƒe dzi gbɔ, le esime wònɔ nyenyem segblesegble le logoti la ƒe alɔdze ŋu.

15Yoab ƒe akpoxɔnutsɔla ewo, ame siwo ƒo xlã Yoab ɣe ma yi hafi la lũ ɖe Absalom dzi hewui.

16Tete Yoab ku kpẽ eye eƒe amewo dzudzɔ Israel ƒe aʋawɔlawo nyanya.

17Woda Absalom ƒe kukua ɖe do globo aɖe me le avea me eye woli kɔ kpe geɖewo ɖe edzi. Israel ƒe aʋawɔlawo si yi woƒe aƒewo me.

18Absalom tu ŋkuɖodzikpe aɖe na eɖokui le eƒe agbenɔɣi ɖe Fia ƒe Balime elabena egblɔ be, “Viŋutsu aɖeke mele asinye si ana nye ŋkɔ natsi anyi o.” Ena ŋkɔe be “Absalom ƒe Ŋkuɖodzikpe.” Wogayɔnɛ nenema egbegbe.

19Zadok ƒe vi, Ahimaaz gblɔ be, “Na maƒu du ayi aɖagblɔ dzidzɔnya la na David be Yehowa ɖee tso eƒe futɔ, Absalom ƒe asi me.”

20Yoab gblɔ nɛ be, “Ao, manye dzidzɔnya na fia la be via ŋutsu ku o; nyemele dɔwòm ɖe afi aɖeke o.”

21Yoab gblɔ na ŋutsu aɖe si tso Kus be, “Yi nàgblɔ nu si nèkpɔ la na fia la.” Ŋutsu la de ta agu eye wòdzo.

22Ke Zadok vi Ahimaaz gagblɔ na Yoab be, “Ne nu sia nu le dzɔdzɔm hã la, maƒu du adze Kusitɔ la yome.”

23Ahimaaz gaɖe kuku be, “Ele eme nenema gake na mayi ko.”

24David nɔ anyi ɖe dua ƒe agbo eve, egodotɔ kple emetɔ dome le ɣe ma ɣi me. Esi gbetakpɔla la lia gli la yi gbeta kpɔ ge la, ekpɔ ame ɖeka wònɔ du dzi gbɔna wo gbɔ.

25Edo ɣli gblɔ nya la na David.

26Gbetakpɔla la hã kpɔ ame bubu; eya hã nɔ du dzi gbɔna wo gbɔ. Edo ɣli gblɔ be, “Ame bubu aɖe hã gbɔna.”

27Gbetakpɔla la gblɔ nɛ be, “Ame gbãtɔ ɖi Ahimaaz, Zadok ƒe vi.”

28Tete Ahimaaz do ɣli gblɔ na Fia la be, “Nu sia nu dze edzi nyuie!” Ebɔbɔ, de ta agu heyi edzi be, “Woakafu Yehowa, wò Mawu la ame si tsrɔ̃ aglãdzela siwo tsi tsitre ɖe ŋuwò.”

29Fia la bia be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”

30Fia la gblɔ na Ahimaaz be, “Lala le afi sia” Ale Ahimaaz dze ɖe axadzi.

31Kustɔ la va do eye wògblɔ be, “Mehe nya nyui aɖe vɛ na nye aƒetɔ kple nye fia. Egbe la, Yehowa ɖe wò tso ame siwo katã tso ɖe ŋuwò la ƒe asi me.”

32Fia la bia Kustɔ la be, “Vinye Absalom ɖe? Ele dediea?”

33Fia la de asi avifafa me enumake. Eyi eƒe xɔ me le xɔ tame. Efa avi hegblɔ be, “Oo, vinye Absalom, vinye, vinye Absalom, ɖe maku ɖe nuwò hafi! Oo, Absalom, vinye, vinye!”

← Samuel 2 17 Samuel 2 Samuel 2 19 →