1Emegbe la, Absalom ƒle tasiaɖam nyui aɖe kple sɔwo eye wòdi ame blaatɔ̃ siwo anɔ du ƒum le eŋgɔ.
2Efɔna kaba ŋdi sia ŋdi, yia dua ƒe agbonu eye ne ame aɖe tsɔ nya aɖe gbɔna be fia nadrɔ̃ na ye la, Absalom yɔnɛ eye wòbianɛ be, “Du ka me nètso?” Ne ame la ɖo eŋu be “Wò dɔla tso Israel toawo dometɔ ɖeka me la,”
3Absalom gblɔna be, “Mekpɔ be wò nya dzɔ; evem ŋutɔ be ame aɖeke mele Fia la ŋu si akpe ɖe eŋu le nya siawo dɔdrɔ̃ me o.”
4Absalom gagblɔna be, “Nyee anye ʋɔnudrɔ̃la la hafi, ekema ame sia ame ate ŋu atsɔ eƒe ʋɔnunya vɛ nam eye madrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ!”
5Ne ame aɖe va be yeade ta agu nɛ la, melɔ̃na o, ke boŋ enaa asii eye wòkplaa asi kɔ nɛ boŋ.
6Absalom to mɔ sia dzi eye wòna Israelviwo katã tsɔ lɔlɔ̃ tɔxɛ nɛ.
7Le ƒe enelia ƒe nuwuwu la, Absalom gblɔ na Fia la be, “Na mayi Hebron eye maxe adzɔgbe aɖe si meɖe na Yehowa.
8Esi wò subɔla nɔ Gesur le Aram la, meɖe adzɔgbe be, ‘Ne Yehowa akplɔm maɖo Yerusalem la, masubɔ Yehowa le Hebron.’ ”
9Fia la gblɔ nɛ be, “Enyo; yi nàsa vɔ la le adzɔgbe si nèɖe la nu.”
10Ke esi wònɔ afi ma la, eɖo ŋkutsalawo ɖe Israel ƒe to ɖe sia ɖe me be woagblɔ na amewo be; “Ne miese kpẽwo ƒe ɖiɖi ko la, mianya be wotsɔ Absalom ɖo fiae le Hebron.”
11Absalom kplɔ ame alafa eve ɖe asi tso Yerusalem abe eƒe amedzrowo ene ke womenya naneke tso eƒe tameɖoɖowo ŋu o.
12Esi wònɔ vɔ sam la, eɖo du ɖe Ahitofel, ame si nye David ƒe aɖaŋuɖolawo dometɔ ɖeka si nɔ Giloh. Ahitofel va de Absalom dzi abe ale si ame geɖewo wɔ ene, ale Absalom ƒe babla ɖe David ŋu nu sẽ ŋutɔ.
13Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ame aɖe va ɖo Yerusalem eye wògblɔ na Fia David be, “Israelviwo katã de Absalom dzi eye wobla ɖe ŋuwò!”
14David gblɔ na eƒe amewo enumake be, “Ekema mina míasi enumake hafi sisi magava nɔ mía ŋu o. Ne míesi dzo le dua me hafi Absalom va ɖo la, ekema míawo kple Yerusalem du la siaa míakpɔ ɖeɖe.”
15Eŋumewo ka ɖe edzi nɛ be, “Míeli kpli wò; wɔ nu si nyo na wò, míaƒe aƒetɔ fia.”
16Ale David kple eƒe aƒemetɔwo dze mɔ enumake; eƒe ahiãvi ewo ko wògble ɖi be woanɔ fiasã la dzi kpɔm.
17Ale fia la dze mɔ, eƒe amewo katã dze eyome eye wotɔ ɖe dua godo.
18Eƒe amewo kple Keretitɔwo kple Peletitɔwo kple Gititɔ alafa adeawo, ame siwo dze eyome tso Gat la va to eŋu eye wozɔ le fia la ŋgɔ.
19Fia la gblɔ na Itai, Gititɔ la be, “Nu ka ta nànɔ mía dome? Trɔ nàyi aɖanɔ Absalom ŋu. Amedzroe nènye, ame si si dzo le mia de.
20Etsɔ ko nèva! Egbe la, ɖe mana nàtsa tsaglalã kpli mí, le esime nyemenya afi si yim nye ŋutɔ mele oa? Trɔ kple wò amewo. Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ nanɔ kpli mi.”
21Ke Itai ɖo eŋu be, “Metsɔ Yehowa kple wò ŋutɔ wò agbe ka atam be afi sia afi si nàyi la, nye hã mayi; nya sia nya nedzɔ, nenye agbee hã, kue hã!”
22David ɖo eŋu be, “Enyo, miva míyi.” Ale Itai kple eƒe ame alafa adeawo kple woƒe aƒemetɔwo yi kpli wo.
23Ame sia ame lé blanui le dua me esime fia la kple eƒe amewo va yina. Wotso Kidron tɔʋu la eye woɖo ta gbegbe la.
24Abiata kple Zadok kple Levitɔwo kɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la eye wodae ɖe mɔto va se ɖe esime ame sia ame va yi vɔ.
25Fia la gblɔ na Zadok be, “Gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me. Ne mekpɔ amenuveve le Yehowa ŋkume la, Yehowa ana magagbɔ ava kpɔe kple eƒe nɔƒe.
26Ke ne egblɔ be, ‘Nyemekpɔ ŋudzedze le ŋuwò o’ la, ekema mele klalo; newɔ nu sia nu si dze eŋu lam.”
27Fia la gblɔ na Zadok be, “Kpɔ ɖa, medi be nàtrɔ le ŋutifafa me ayi dua me kple viwò Ahimaaz kple Abiata ƒe vi, Yonatan.
28Matɔ ɖe Yɔdan tɔsisi la ƒe tɔtsoƒe va se ɖe esime mese nya aɖe tso gbɔwò. Na manya nu si le dzɔdzɔm le Yerusalem hafi mabu ɖe gbegbe la.”
29Ale Zadok kple Abiata gbugbɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi dua me eye wotsi afi ma.
30David zɔ mɔ si ɖo ta Amito la dzi henɔ avi fam. Etsyɔ nu ta eye wòɖe afɔ ƒuƒlu abe konyifafa ƒe dzesi ene. Eŋumewo hã tsyɔ nu ta henɔ avi fam le esime wonɔ to la liam.
31Esime ame aɖe gblɔ na David be eƒe aɖaŋuɖola Ahitofel dze Absalom yome la, David do gbe ɖa be, “Oo, Yehowa, meɖe kuku, na Ahitofel naɖo aɖaŋu gbegblẽ na Absalom!”
32Esi woɖo teƒe si le toa tame, afi si amewo subɔa Mawu le la, David kpɔ Husai, Arkitɔ la, wònɔ elalam; eƒe awuwo vuvu le eŋu eye ke nɔ tame nɛ.
33David gblɔ nɛ be, “Ne èdze yonyeme la, agba ko nànye nam.
34Ke ne ètrɔ yi dua me eye nègblɔ na Absalom be, ‘O fia, menye fofowò ƒe subɔla tsã, ke azɔ la, manye wò subɔla’ la, ekema àte ŋu akpe ɖe ŋunye to Ahitofel ƒe aɖaŋuɖoɖo me gbegblẽ me.
35Nunɔla Zadok kple nunɔla Abiata manɔ afi ma kpli wò oa? Gblɔ nu sia nu si nàse le fiasã la me na wo.
36Wo viŋutsu eveawo, Ahimaaz, Zadok ƒe vi kple Yonatan, Abiata ƒe vi, le afi ma kpli wo. Gblɔ nu si nàse la na wo be woava gblɔ nam.”
37Ale David xɔlɔ̃ Husai trɔ yi dua me eye esi wòɖo teti ko la, Absalom hã va ɖo.