We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Fiawo 2 4

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Fiawo 2 3 Fiawo 2 Fiawo 2 5 →

1Azɔ la, nyɔnu aɖe si tso nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo srɔ̃wo dome la va fa avi na Elisa be, “Wò dɔla, srɔ̃nye ku eye wò ŋutɔ ènya ale si wòvɔ̃a Yehowae. Ke azɔ la, ame si si wònyi fe le la va be yeakplɔ vinye ŋutsuvi eveawo woazu yeƒe kluviwo.”

2Elisa biae be, “Nu ka mawɔ akpe ɖe ŋutiwò? Nuɖuɖu ƒe agbɔsɔsɔ kae le asiwò le wò aƒe me?”

3Elisa gblɔ na nyɔnu la be, “Enyo, yi nàɣe ze kple gagba aɖewo tso xɔ̃wòwo kple wò aƒelikawo gbɔ.

4Mi kple viwòwo miyi miaƒe xɔ me, eye miatu ʋɔa. Esia megbe la, trɔ ami si le wò atukpa la me la ɖe zeawo kple gagbaawo me. Tsɔ ɖe sia ɖe si yɔ la da ɖe axadzi!”

5Nyɔnu la wɔ nu si nyagblɔɖila la ɖo nɛ. Via ŋutsuwo tsɔ ze kple gagbawo siwo woɣe la vɛ nɛ eye wòtrɔ ami la ɖe wo me.

6Sẽe ko la, zeawo kple gagbaawo katã yɔ banabana! Nyɔnu la gblɔ na via ŋutsuawo be, “Migatsɔ ze bubu vɛ.”

7Nyɔnu la yi ɖagblɔ nya la na Mawu ƒe Ame la eye wòɖo eŋu nɛ be, “Yi nàdzra ami la eye nàxe fe siwo nènyi. Ga si atsi anyi la, agasusɔ na wò kple viwòwo dzi kpɔkpɔ!”

8Gbe ɖeka la, Elisa yi Sunem eye nyɔnu kesinɔtɔ aɖe nɔ afi ma ame si ƒoe ɖe enu be wòatsi ye gbɔ aɖu nu. Ale ne egava to mɔ ma yina la, etɔna ɖe afi ma be yeaɖu nu.

9Nyɔnu la gblɔ na srɔ̃a be, “Menya be ŋutsu sia, si va toa míaƒe mɔ dzi le afi sia edziedzi la nye Mawu ƒe ame kɔkɔe.

10Na míawɔ xɔ sue aɖe ɖe míaƒe xɔtame nɛ eye míatsɔ aba, kplɔ̃ kple zikpui kple akaɖi ada ɖe eme nɛ. Ekema ava tsi afi ma ɣe sia ɣi si wòava adze mía gbɔ.”

11Gbe ɖeka esi Elisa gava la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe xɔ me.

12Egblɔ na eƒe subɔla, Gehazi be, “Yɔ Sunami nyɔnu la nam.” Gehazi yi ɖayɔe eye wòva tsi tsitre ɖe Elisa ŋkume.

13Elisa gblɔ na Gehazi be, “Gblɔ na nyɔnu la be ‘Èkpe fu siawo katã ɖe mía ta. Azɔ la, nu kae woawɔ na wò? Míƒo nu ɖe nuwò le fia la ŋkume loo alo aʋafia la ŋkumea?’ ”

14Elisa bia Gehazi emegbe be, “Nu ka míawɔ nɛ?”

15Elisa gblɔ be, “Yɔe ɖa.” Eyi ɖayɔe eye nyɔnu la va tsi tsitre ɖe xɔa ƒe mɔnu.

16Elisa gblɔ nɛ be, “Le ƒe si gbɔna ƒe ɣe aleawo ɣi tututu la, àlé viŋutsuvi ɖe wò abɔwo me.”

17Ke nyɔnu la fɔ fu eye esi ƒe trɔ le ɣeyiɣi ma ke dzi la, edzi ŋutsuvi abe ale si Elisa gblɔe nɛ do ŋgɔe ene.

18Ɖevi la tsi eye gbe ɖeka la, edo go yi fofoa gbɔ, ame si nɔ nukuxalawo gbɔ.

19Ɖevi la gblɔ na fofoa be, “Nye ta! Nye ta!”

20Esi dɔla la kɔe yi na dadaa la, ɖevi la nɔ akɔ nɛ va se ɖe ŋdɔ me eye ɖevi la ku.

21Nyɔnu la yi dziƒoxɔ la dzi hetsɔ ɖevi kuku la mlɔ Mawu ƒe ame la ƒe aba dzi, tu ʋɔa eye wòdo go.

22Eyɔ srɔ̃a eye wògblɔ nɛ bena, “Meɖe kuku, yi nàɖo wò dɔlawo dometɔ ɖeka kple tedzi ɖem ale be mate ŋu ayi Mawu ƒe ame la gbɔ kaba, atrɔ agbɔ.”

23Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Nu ka ŋuti nàyi egbɔ egbe? Egbe menye Dzinu Yeye alo Dzudzɔgbe ŋkeke o.”

24Ebla akpa na tedzi la eye wògblɔ na eƒe dɔla la be, “Doe sesĩe, mègadoe ɖɔɖɔɖɔ nam o, negbe megblɔe na wo hafi.”

25Ale wodze mɔ heva Mawu ƒe ame la gbɔ le Karmel to dzi.

26Ƒu du nàyi ɖakpee, nàbiae be, ‘Mi katã miedɔ nyuiea? Srɔ̃wò fɔ sesĩea? Viwò la fɔ nyuiea?’ ”

27Esi wòɖo Mawu ƒe ame la gbɔ le toa dzi la, edze klo lé eƒe afɔ. Gehazi va be yeatutui ɖa gake Mawu ƒe ame la gblɔ nɛ be, “Ɖe asi le eŋu! Ele xaxa gã aɖe me gake Yehowa ɣlae ɖem eye megblɔ nu si tae la nam o.”

28Nyɔnu la gblɔ nɛ be, “Nye aƒetɔ, ɖe mebia viŋutsu wòa? Nyemegblɔ na wò be, ‘Mègaflum o’ mahã.”

29Elisa gblɔ na Gehazi be, “Bla wò ali dzi, tsɔ nye atikplɔ ɖe asi eye nàƒu du. Ne èdo go ame aɖe la, mègado gbe nɛ o eye ne ame aɖe do gbe na wò la, mègalɔ̃ o. Tsɔ nye atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo.”

30Vinɔ la gblɔ be, “Meta Yehowa kple wò agbe be nyemayi aƒe me o negbe ɖeko nàyi kplim hafi!” Ale Elisa tso hedze nyɔnu la yome.

31Gehazi do ŋgɔ na wo ɖatsɔ atikplɔ la da ɖe ɖevi la ƒe mo, ke nya aɖeke medzɔ o. Agbe ƒe dzesi aɖeke menɔ ɖevi la me o. Ale Gehazi trɔ ɖatu Elisa eye wògblɔ nɛ be, “Ɖevi la menyɔ o.”

32Esi Elisa ɖo aƒea me la, ɖevi kuku lae nye ekem wotsɔ mlɔ eƒe aba dzi.

33Ege ɖe xɔa me, tu ʋɔa ɖe wo ame evea nu eye wòdo gbe ɖa na Yehowa.

34Esia megbe la, ede abati la dzi mlɔ ɖevi kuku la dzi, tsɔ eƒe nu ɖo ɖevi la ƒe nu dzi, eƒe ŋku ɖo eƒe ŋku dzi eye wòtsɔ eƒe asiwo ɖo eƒe asiwo dzi eye wòdrã ɖe ɖevi la dzi, kasia ɖevi la ƒe lãme de asi dzoxɔxɔ me!

35Elisa fɔ tso abati la dzi eye wòɖi tsa sẽe le xɔa me. Egatrɔ de abati la dzi eye wògadrã ɖe ɖevi la dzi. Azɔ la, ɖevi la nye zi adre eye wòʋu eƒe ŋkuwo!

36Elisa yɔ Gehazi eye wògblɔ nɛ be, “Yɔ Sunami nyɔnu la vɛ.” Eyi ɖayɔe. Esi nyɔnu la va la, egblɔ nɛ be, “Xɔ viwò ŋutsuvi la.”

37Nyɔnu la va, dze klo ɖe eƒe afɔ nu eye wòde ta agu nɛ. Tete wòxɔ ɖevi la eye wòdo go.

38Elisa trɔ azɔ yi Gilgal, afi si dɔwuame gã aɖe nɔ. Gbe ɖeka esi wònɔ nu fiam nyagblɔɖilawo ƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ na Gehazi be wòawɔ atadi na nusrɔ̃lawo ƒe fiẽnuɖuɖu.

39Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka yi gbe me be yeadi amagbe aɖe vɛ. Egbɔ kple amagbe aɖewo siwo treklɔnuwo le wo ŋu, tsɔ wo ɖo dzo dzi, ke menya be aɖi le wo me o.

40Esi ameawo de asi nua ɖuɖu me ko la, wodo ɣli be, “Oo, Mawu ƒe ame, aɖi le nuɖuɖu la me!”

41Elisa na woku blimɔ aɖe vɛ nɛ. Etsɔe da ɖe ze la me eye wògblɔ na wo be, “Enyo azɔ; aɖi la vɔ le eme, miyi eɖuɖu dzi.” Woɖui eye naneke mewɔ wo o.

42Gbe ɖeka la, ame aɖe si tso Baal Salisa la va na bli mumu kotoku ɖeka kple abolo blaeve siwo wowɔ kple lu yeye tso eƒe nuŋeŋe gbãtɔ me Mawu ƒe ame la. Elisa gblɔ na Gehazi be wòatsɔ wo ana nusrɔ̃lawo woaɖu.

43Gehazi bia be, “Nuɖuɖu sue sia ade na ame alafa ɖeka siawoa?”

44Nuɖuɖua su ame sia ame eye ɖe gɔ̃ hã gatsi anyi abe ale si Yehowa gblɔ ene!

← Fiawo 2 3 Fiawo 2 Fiawo 2 5 →