We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 2 29

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 2 28 Kronika 2 Kronika 2 30 →

1Hezekia dze fiaɖuɖu gɔme esi wòxɔ ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Eɖu fia ƒe blaeve-vɔ-asiekɛ le Yerusalem. Dadaa ŋkɔe nye Abiya, Zekaria ƒe vinyɔnu.

2Eɖu fia nyuie le Mawu ƒe ŋkume abe fofoa, David ene.

3Le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ ƒe ɣleti gbãtɔ me la, eʋu gbedoxɔ la eye wòdzra ʋɔtruawo ɖo.

4Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu wo ɖe yaxɔƒe si nɔ ɣedzeƒe lɔƒo

5eye wògblɔ na wo be, “Miɖo tom, Levitɔwo! Mikɔ mia ɖokuiwo ŋu fifia eye miakɔ Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu la ƒe gbedoxɔ la hã ŋu. Miɖe gudoamenuwo katã ɖa le Kɔkɔeƒe la.

6Mía fofowo wɔ nu vɔ̃ gã aɖe le Yehowa, mía Mawu, ŋkume. Wogble Yehowa kple eƒe gbedoxɔ la ɖi eye wotrɔ megbe dee.

7Wotu ʋɔawo goŋgoŋgoŋ, wotsi akaɖi si nɔa bibim la eye womegadoa dzudzɔ alo sãa numevɔ hã o

8eya ta Yehowa do dɔmedzoe ɖe Yuda kple Yerusalem ŋu. Ena míezu ŋɔdzidonamenuwo kple alɔmeɖenuwo abe ale si miele ekpɔm egbea ene.

9Wowu mía fofowo le aʋa me eye woɖe aboyo mía vinyɔnuwo kple mía srɔ̃wo le esia ta.

10“Azɔ la, medi be mawɔ nubabla kple Yehowa, Israel ƒe Mawu la ale be wòaɖe eƒe dɔmedzoe helihelĩ la ɖa le mía dzi.

11Vinyewo, migagbe miaƒe dɔdeasiwo wɔwɔ azɔ o elabena miawoe Yehowa tia be miasubɔ ye eye miado dzudzɔ na ye.”

12Levitɔwo ƒe vi siwo nɔ afi ma hena subɔsubɔdɔ la woe nye:

13Ame siwo tso Elizafan ƒe hlɔ̃ me:

14Ame siwo tso Heman ƒe hlɔ̃ me:

15Woawo hã yɔ Levitɔ bubuawo, wokɔ wo ɖokuiwo ŋuti eye wode asi gbedoxɔ la dzadzraɖo kple eŋu kɔkɔ me, abe ale si fia la gblɔ Yehowa ƒe nya na wo eye wòɖe gbe na wo be woawɔ ene.

16Nunɔlawo dzra xɔ emetɔ le gbedoxɔ la me ɖo eye wolɔ ʋuʋudedi kple nu gbegblẽwo katã tso afi ma va kɔ ɖe xɔxɔnu. Levitɔwo lɔ nu siawo yi Kidron tɔʋu la me.

17Wodze nu siawo katã wɔwɔ gɔme le Ɣleti gbatɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi eye woɖo xɔxɔnu egodotɔ le ŋkeke enyilia dzi. Wowɔ dɔ le afi sia hã ŋkeke enyi; ale wotsɔ ŋkeke wuiade wɔ dɔ blibo lae.

18Le esia megbe la, wotrɔ yi Fia Hezekia gbɔ le eƒe fiasã la me eye wogblɔ nɛ be, “Míewu gbedoxɔ la, numevɔsamlekpui la, Ŋkumeɖobolo ƒe kplɔ̃ la kple eŋunuwo ŋu kɔkɔ nu.

19Gawu la, míefɔ gbedoxɔmenu siwo Fia Ahaz tsɔ ƒu gbe esi wòtu gbedoxɔ la eye míekɔ woawo hã ŋuti. Míetsɔ wo da ɖe Yehowa ƒe vɔsamlekpui la gbɔ.”

20Esi ŋu ke ŋdi kanyaa la, Fia Hezekia yi Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple dumegãwo.

21Wotsɔ nyitsu adre, agbo adre, alẽvi adre kple gbɔ̃tsu adre sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa ɖe fiaɖuƒe, Kɔkɔeƒe la kple Yuda ta. Egblɔ na nunɔlaawo, Aron ƒe dzidzimeviwo, be woatsɔ wo asa vɔe le Yehowa ƒe vɔsamlekpui la dzi.

22Ale wowu nyitsuawo eye nunɔlaawo tsɔ ʋua hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Emegbe wowu agboawo eye wotsɔ woƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu. Nenema ke wowu alẽviawo eye wotsɔ eƒe ʋu hlẽ ɖe vɔsamlekpui la ŋu.

23Wokplɔ gbɔ̃tsu siwo wotsɔ vɛ na nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la va fia la kple ameha la ŋkume eye woda woƒe asiwo ɖe wo dzi.

24Le esia megbe la, nunɔlaawo wu gbɔ̃tsuawo eye wotsɔ woƒe ʋu sa nu vɔ̃ ŋuti vɔsa le vɔsamlekpui la dzi be wòalé avu ɖe Israel blibo la nu abe ale si fia la ɖoe ene elabena fia la ɖo be woasa numevɔ la kple nu vɔ̃ ŋuti vɔsa la ɖe dukɔ blibo la nu.

25Eda Levitɔwo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me kple gakogoewo, saŋkuwo kple kasaŋkuwo abe ale si David kple Gad, fia la ƒe nukpɔla kple Natan, nyagblɔɖila la ɖoe da ɖi la ene. Yehowae de se sia to eƒe nyagblɔɖilawo dzi.

26Ale Levitɔwo nɔ klalo kple David ƒe haƒonuwo eye nunɔlaawo nɔ klalo kple woƒe kpẽwo.

27Hezekia ɖe gbe be woawɔ numevɔsa la le vɔsamlekpui la dzi. Esi wodze vɔsasa la gɔme la, hadzidzi na Yehowa hã dze egɔme eye kpẽkuku kple hadzidziŋunu siwo Israel fia David wɔ la kplɔe ɖo.

28Esime hadzilawo nɔ ha dzim eye wonɔ kpẽawo kum la, ameha blibo la de ta agu hesubɔ. Esiawo yi edzi va se ɖe esime numevɔsa la wu enu.

29Esi vɔsawo wu enu la, fia la kple ame siwo katã nɔ teƒea kplii la dze klo hesubɔ.

30Fia Hezekia kple eŋumewo ɖe gbe na Levitɔwo be woakafu Yehowa kple David kple nukpɔla Asaf ƒe hagbewo. Ale wodzi kafukafuhawo kple dzidzɔ eye wode woƒe tawo agu hesubɔ.

31Hezekia gblɔ be, “Míewu ŋutikɔkɔ ƒe kɔnuwo nu, azɔ la, mitsɔ miaƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ.” Ale ameawo tso dukɔ la ƒe akpa ɖe sia ɖe tsɔ woƒe nunanawo kple akpedavɔsanuwo vɛ eye ame siwo lɔ̃ la, tsɔ numevɔsanuwo hã vɛ.

32Nu siwo ameha la tsɔ vɛ na numevɔsa lae nye nyitsu blaadre, agbo alafa ɖeka (100) kple agbovi alafa eve (200). Wotsɔ nu siawo katã vɛ hena numevɔsasa na Yehowa.

33Ke lã siwo ŋuti wokɔ abe vɔsalãwo ene la, le nyitsu alafa ade (600), alẽ kple gbɔ̃ akpe etɔ̃ (3,000).

34Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe.

35Numevɔsawo sɔ gbɔ kpe ɖe woƒe nunovɔsawo ŋu eye akpedavɔsawo hã sɔ gbɔ.

36Hezekia kple ameawo katã kpɔ dzidzɔ ŋutɔ le nu siwo Mawu wɔ le ɣeyiɣi kpui ma me la ta.

← Kronika 2 28 Kronika 2 Kronika 2 30 →