We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Fiawo 1 7

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Fiawo 1 6 Fiawo 1 Fiawo 1 8 →

1Solomo tu fiasã na eɖokui; fiasã la tutu xɔ ƒe wuietɔ̃.

2Woyɔa fiasã la ƒe xɔ ɖeka be, “Lebanon ƒe Avexɔ.” Elolo ŋutɔ, edidi mita blaene-vɔ-ade, keke mita blaeve-vɔ-etɔ̃ eye wòkɔ mita wuietɔ̃ kple afã. Sedati ƒe daɖedzi gãwo nɔ sedati ƒe sɔti siwo wotu ɖe agbaka ene me la dzi.

3Wogbae kple sedati ɖe daɖedziawo tame. Daɖedziawo nɔ sɔti blaene-vɔ-atɔ̃awo dzi. Sɔti wuiatɔ̃ nɔ agbaka etɔ̃ dometɔ ɖe sia ɖe me.

4Eɖe fesreawo ɖe kɔkɔƒe; fesre etɔ̃ nɔ axa ɖeka, etɔ̃ hã nɔ axa bubu eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.

5Ʋɔtrutiawo ƒe kekeme kple didime siaa sɔ, nenema kee fesretiwo tɔ hã sɔe. Wonɔ agbaka etɔ̃ me eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.

6Woyɔ xɔ bubu be Sɔtiwo Ƒe Xɔ. Edidi mita blaadre-vɔ-etɔ̃ eye wòkeke mita wuietɔ̃ kple afã. Akpata aɖe nɔ ŋgɔ na xɔ sia. Wogba akpata sia ɖe sɔtiwo dzi.

7Fiazikpuixɔ alo Ʋɔnudrɔ̃xɔ hã nɔ anyi, afi si Fia Solomo drɔ̃a ʋɔnu le. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu tso anyigba ɖatɔ daɖedziawo.

8Fia Solomo tu eya ŋutɔ ƒe nɔƒe ɖe xɔ sia megbe. Efa sedaʋuƒowo ɖe gliawo ŋu eye wòtu akpata aɖe ƒo xlãe. Egatu xɔ sia tɔgbi tututu ɖe fiasã la me na Fia Farao ƒe vinyɔnu, ame si nye srɔ̃awo dometɔ ɖeka.

9Woɖo gli siawo katã tso gota va se ɖe xɔxɔnu gã la eye tso gɔmeɖokpe dzi va se ɖe kpe siwo wotsɔ ƒo xɔtae la dzi. Kpe siawo nye kpe xɔasi siwo wokpa kple laxalaxa eye wozrɔ̃ wo ŋkume kple wo godo siaa.

10Woɖo xɔ la ƒe gɔmeɖokpewo kple kpe xɔasi gãwo eye ɖewo ƒe didime anɔ mita ene kple afã eye ɖewo hã etɔ̃ kple afã.

11Woɖo gliawo ƒe dziƒogbɔ kple kpe xɔasi siwo wokpa ɖe dzidzeme nyuitɔ nu eye wotsɔ sedatiwo da ɖe wo dzi.

12Wotsɔ kpe siwo woɖo atsyɔ̃ na la ɖo gli kpui aɖe ƒo xlã xɔxɔnu gãtɔ la eye le gli kpui la tame la, wotsɔ sedati si ŋuti woƒlɔ wòzrɔ̃ nyuie la ɖo ɖe etame abe ale si wowɔe le Yehowa ƒe gbedoxɔ ƒe xɔxɔnu emetɔ kple eƒe akpata me la ene.

13Azɔ Fia Solomo ɖo du ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Huram la tso Tiro be wòava.

14Huram nye Yuda nyɔnu aɖe si tso Naftali ƒomea me eye wònye ahosi aɖe ƒe vi. Fofoa nye akɔblinutula tso Tiro, ale aɖaŋu, nugɔmesese kple nunya geɖe le tagbɔ nɛ eye wònya akɔbliɖaŋu vovovowo wɔwɔ. Eva Fia Solomo gbɔ eye wòwɔ dɔ siwo katã wode asi nɛ.

15Hiram tsɔ akɔbli tu sɔti eve siwo me do le, ɖe sia ɖe kɔ mita enyi kple nu sue aɖe.

16Ewɔ tameɖonu eve kple akɔbli be woatsɔ aɖo sɔtiawo dzi. Tameɖonu ɖe sia ɖe kɔ mita eve kple afã.

17Ewɔ gaɖɔwo kple kɔsɔkɔsɔ adreadre da ɖe sɔtiawo tame.

18Ewɔ seƒoƒowo ɖe fli eve me, woƒo xlã gaɖɔ ɖe sia ɖe be woaɖo atsyɔ̃ na tameɖonuawo dometɔ ɖe sia ɖe.

19Wowɔ tameɖonu na sɔti siwo le akpata la me la ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me, ɖe sia ɖe kɔ mita eve.

20Wota seƒoƒo alafa eve (200) ɖe agbaka eve me ƒo xlã tameɖonu siwo le sɔtiawo tame la dzi.

21Hiram da sɔti eve siawo ɖe gbedoxɔ la ƒe mɔnu. Esi le dziehe gome la ŋkɔe nye Yakin eye esi le anyiehe gome ŋkɔe nye Boaz.

22Wotsɔ tameɖonu siwo wowɔ ɖe dzogbenya ƒe nɔnɔme me la da ɖe sɔtiawo tame, ale wowu sɔtiawo ŋuti dɔwo nu.

23Emegbe la, Etsɔ gayibɔ wɔ gazɔ si le nogoo, eƒe ta ƒe kekeme anɔ mita eve kple afã kpe ɖo, gazɔ la ƒe kɔkɔme anɔ mita ɖeka kple afã. Ne wodzidze zɔ la ƒe kekeme blibo la, anɔ mita wuietɔ̃ kple afã.

24Le zɔ la te lɔƒo la, wowɔ go siwo dome nɔ sentimita ene alo eve eye wonɔ agbaka eve me. Wololõ akɔbli wɔ wo kpe ɖe gazɔ la ŋu.

25Wotsɔ zɔ la da ɖe nyitsu wuieve dzi. Etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe. Wotsɔ zɔ la da ɖe wo tame eye zɔ la ƒe afɔwo le woƒe titina.

26Zɔ la tri sentimita enyi, eƒe to le abe tsinokplu tɔ ene eye wowɔe abe ale si dzogbenya ƒe seƒoƒo le ene. Exɔa tsi kilolita blaene-vɔ-ene.

27Etsɔ akɔbli wɔ nunɔdzi ewo, tasiaɖam ƒe afɔwo nɔ ɖe sia ɖe te. Nunɔdzi ɖe sia ɖe ƒe didime kple kekeme nye mita eve eye wòkɔ mita ɖeka kple afã.

28Wowɔ wo kple akɔbli gbadza siwo woda ɖe akɔblitiwo dzi.

29Wota dzatawo, nyitsuwo kple Kerubiwo ɖe akɔbli gbadzawo dzi. Wota seƒoƒotsihewo ɖe gatiawo dzi le dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te siaa.

30Hiram tsɔ akɔbli wɔ tasiaɖamfɔ ene kple woƒe troƒewo ɖe nunɔdzi ɖe sia ɖe te. Zɔawo nɔ dzogoe eneawo dzi eye wodze ŋgɔ wo nɔewo.

31Wotsyɔ nu zɔawo nu. Nutsyɔnuawo do ɖe dzi sentimita blaene-vɔ-atɔ̃ eye wogabi do ɖe anyigba le eme.

32Akɔblifɔawo kɔ sentimita blaade-vɔ-ade. Wonɔ akɔbli gbadzawo te eye wotu troƒeawo kple tasiaɖamuawo ɖekae.

33Woƒe afɔwo le abe tasiaɖam ƒe afɔwo ene. Wotsɔ akɔbli wɔ tasiaɖam la ƒe akpa ɖe sia ɖe.

34Wotsɔ akɔbli wɔ sɔti suewo kple nunɔdziawo ɖekae ɖe woƒe dzogoewo me.

35Womli nunɔdzi la ƒe nu wokɔ sentimita blaeve-vɔ-ade eye towo kple akɔgo le eŋu.

36Wota Kerubiwo, dzatawo kple detiwo eye wofa seƒoƒowo ƒo xlã wo togawo afi sia afi si mɔ nɔ la ko.

37Nunɔdzi ewoawo katã sɔ le lolome eye woɖi wo nɔewo elabena wololõ woƒe akɔbli kɔ ɖe nu ɖeka ma ke me le wo wɔɣi.

38Hiram tsɔ gadzẽ wɔ ze ewo da ɖe nunɔdziawo dzi, ze ɖe sia ɖe keke eye wòdidi mita eve eye wòxɔa tsi lita alafa enyi blaenyi.

39Woɖi ze atɔ̃ ɖe gbedoxɔ la ƒe dziehe eye woɖi atɔ̃ bubu hã ɖe eƒe anyiehe. Zɔ la nɔ dzogoe si nɔ dziehe kple ɣedzeƒe dome la me le xɔa me le ɖusime.

40Huram gawɔ zewo, sofiwo kple trewo.

41Sɔti eve;

42Yevuboɖa alafa ene (400) le agbaka eve me le gaɖɔ ɖeka ŋu ne woxe ta mligo eve siwo le sɔtiawo tame la ŋu;

43nunɔdzi ewo kple ze ewo siwo nɔ nunɔdziawo dzi;

44gazɔ ɖeka kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te;

45zewo, sofiwo kple trewo.

46Fia la na wololõ ga la kɔ ɖe nu si wowɔ ɖe nuawo ƒe nɔnɔme me le Yɔdan tɔsisi la ƒe balime le Sukɔt kple Zaretan dome.

47Solomo mena woda nuawo kpɔ o, elabena akɔbliawo sɔ gbɔ ale gbegbe be, womate ŋu adae o.

48Solomo na wotsɔ sika nyuitɔ wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la me nuwo katã. Nu siawoe nye:

49akaɖitiwo, atɔ̃ le ɖusime eye atɔ̃ hã le miame, le Kɔkɔeƒe ƒe Kɔkɔeƒe la ŋgɔ, seƒoƒowo,

50Wotsɔ sika nyuitɔ wɔ kpluwo, hɛwo, agbawo, gatsiwo kple nutɔgbawo

51Esi wowu Yehowa ƒe gbedoxɔ la nu mlɔeba la, Fia Solomo tsɔ klosalo kple sika kple nu siwo katã ŋu fofoa, Fia David, kɔ hena gbedoxɔ la, da ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la ƒe nudzraɖoƒe la me.

← Fiawo 1 6 Fiawo 1 Fiawo 1 8 →