1Aʋawɔwɔ meganɔ Aramtɔwo kple Israelviwo dome o hena ƒe etɔ̃.
2Le ƒe etɔ̃lia me, esime Yuda fia Yehosafat va kpɔ Israel fia Ahab ɖa la,
3Ahab gblɔ na eŋumewo be, “Mienya be Siriatɔwo gale míaƒe du, Ramot Gilead me kokoko hafi miele afi sia, miele naneke wɔm tso eŋu oa?”
4Fia Ahab bia Fia Yehosafat be, “Àte ŋu akpe ɖe ŋunye míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋua?”
5Gake Yehosafat gblɔ kpe ɖe eŋu na Israel fia be, “Bia gbe Yehowa gbã.”
6Ale Israel fia ƒo nyagblɔɖila alafa ene nu ƒu eye wòbia wo be, “Maho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo magaho aʋa ɖe eŋu oa?”
7Yehosafat bia be, “Yehowa ƒe nyagblɔɖila aɖeke mele afi sia ne míabia gbee oa?”
8Israel fia ɖo eŋu na Yehosafat be, “Ame ɖeka aɖe gali ame si dzi míato abia gbe Yehowa gake melé fui elabena megblɔa nya nyui aɖeke ɖi tso ŋunye o; nya vɔ̃ ko wògblɔna ɖi tso ŋunye. Eyae nye Mikaya, Imla ƒe viŋutsu.”
9Ale Israel fia la gblɔ na eŋumewo dometɔ ɖeka be, “Yi kaba nàyɔ Mikaya, Imla ƒe vi la vɛ!”
10Le ɣeyiɣi sia me Israel fia kple Yuda fia Yehosafat do woƒe fiawuwo, eye wonɔ fiazikpuiwo dzi le lugbɔƒe le Samariagbo la gbɔ, eye “Nyagblɔɖilawo” katã nɔ nya gblɔm ɖi le woƒe ŋkume.
11Nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka, Zedekiya, Kenana ƒe vi, tsɔ ga wɔ lãdzo aɖe eye wògblɔ be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Àtsɔ lãdzo sia atutu Siriatɔwo tso afii yi afi mɛ va se ɖe esime woatsrɔ̃.’ ”
12Nyagblɔɖila bubuawo katã lɔ̃ ɖe edzi hegblɔ kple gbe ɖeka be, “Ɛ̃, yi Ramot Gilead eye àkpɔ dzidzedze elabena Yehowa ana nàɖu dzi.”
13Ame si yi ɖayɔ Mikaya la gblɔ nya si dzɔ kple nya si nyagblɔɖilawo nɔ gbɔgblɔm be fia la aɖu dzi le aʋa la me la nɛ. Eyi edzi gblɔ na Mikaya be, “Mexɔe se be, àƒo nu abe nyagblɔɖila mawo ene eye àkpɔ nya nyui aɖe agblɔ.”
14Ke Mikaya gblɔ be, “Meta Mawu be nya si Yehowa gblɔ nam la ko magblɔ.”
15Esi Mikaya va do la, fia la biae be, “Mikaya, ɖe míaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu loo alo ɖe míagbe aʋahoho ɖe eŋua?”
16Fia la biae be, “Zi neni magblɔ na wò be nàgblɔ nu si Yehowa ɖo na wò be nàgblɔ la ko?”
17Mikaya gblɔ nɛ be, “Mekpɔ Israelviwo katã wokaka ɖe togbɛwo dzi abe alẽ siwo si kplɔla aɖeke mele o la ene eye Yehowa gblɔ nam be, ‘Kplɔla mele ame siawo si o; woneyi aƒe me le ŋutifafa me.’ ”
18Israel fia la gblɔ na Yehosafat be, “Nyemegblɔe na wò oa? Megblɔa nya nyui aɖeke nam gbeɖe o. Vɔ̃ kokoko wòkpɔna gblɔna ɖaa tso ŋunye.”
19Mikaya yi edzi be, “Ɖo to nàse nya si Yehowa gblɔ la ƒe dziyiyi. Mekpɔ Yehowa wònɔ eƒe fiazikpui dzi eye dziƒoʋakɔwo tsi tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia dzi.
20Yehowa gblɔ be, ‘Ame ka ate ŋu able Ahab nu be wòaho aʋa ɖe Ramot Gilead ŋu eye wòakpɔ eƒe ku le afi ma?’
21Mlɔeba la, gbɔgbɔ aɖe do ɖe ŋgɔ, tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume eye wògblɔ be, ‘Mable enu ade eme.’
22“Yehowa biae be, ‘Aleke nàwɔ nu siae?’
23“Yehowa de aʋatsokagbɔbgɔ nu me na nyagblɔɖila siawo katã, ke nyateƒe lae nye be Aƒetɔ la ɖo dzɔgbevɔ̃e ɖe ŋuwò.”
24Tete Zedekiya, Kenana ƒe vi, gogo Mikaya eye wòƒo tome nɛ hebiae be, “Ɣe ka ɣie Yehowa ƒe Gbɔgbɔ dzo le gbɔnye eye wòƒo nu na wò?”
25Mikaya ɖo eŋu be, “Àkpɔ ŋuɖoɖo na wò biabia sia ne èkpɔ be yebe ɖe xɔ emetɔ aɖe me.”
26Israel fia ɖe gbe be, “Milé Mikaya eye miakplɔe yi na dumegã Amon kple vinye Yoas.
27Migblɔ na wo be, ‘Fia la be miade ŋutsu sia gaxɔ me eye miana abolo kple tsi koe va se ɖe esime magbɔ le ŋutifafa me!’ ”
28Mikaya ɖo eŋu be, “Ne ètrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, ekema Yehowa meƒo nu to dzinye o.” Etrɔ ɖe ame siwo le tsitre le afi ma la gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Mide dzesi nya si megblɔ.”
29Ale Israel fia kple Yuda fia kplɔ woƒe aʋakɔwo yi Ramot Gilead.
30Israel fia gblɔ na Yehosafat be, “Mado awu bubuwo ale be ame aɖeke makpɔm adze sii o; ke wò ya la, do wò fiawu!” Ale wowɔ ɖe Israel fia ƒe ɖoɖo sia dzi.
31Ke Aram fia de se na eƒe tasiaɖam blaetɔ̃-vɔ-eveawo dzi kpɔlawo be womegawɔ aʋa kple ame bubu aɖeke o, ke boŋ woati Israel fia ɖeɖe ko yome.
32Esi tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ Yehosafat la, wobu be, “Ame sia kokokoe nye Israel fia la.” Ale wolũ ɖe edzi, ke esi Yehosafat do ɣli la,
33tasiaɖamkulawo ƒe amegãwo kpɔ be menye eyae nye Israel fia la o, ale wodzudzɔ eyometiti.
34Ke Syriatɔwo ƒe aʋawɔla ɖeka da aŋutrɔ ɖe Israelʋakɔ la me ko eye wòŋɔ Israel fia la to dometsotso si le eƒe aʋawu etetɔ kple eƒe akɔtakpoxɔnu dome. Israel fia la gblɔ na eƒe tasiaɖamkula be, “Kplɔm dzoe le afi sia elabena mexɔ abi vevie.”
35Aʋa la nu nɔ sesẽm ɖe edzi ŋkeke blibo la. Fia la ziɔ ɖe nu ŋuti le eƒe tasiaɖam la me henɔ aʋa la dzi kple Arameatɔwo, eye eƒe ʋu nɔ ɖuɖum ɖe tasiaɖam la me; ke le fiẽ me la, eku.
36Esime ɣe nɔ to ɖom la, amewo do ɣli le aʋakɔ la me be, “Ame sia ame nesi yi eƒe du me, ame sia ame nesi ayi eƒe anyigba dzi!”
37Ale fia la ku eye wotsɔe ɖaɖi ɖe Samaria.
38Esi woklɔ eƒe tasiaɖam la kple eƒe gawu le Samaria ta la to, afi si gbolowo lea tsi le la, avuwo va ɖuɖɔ fia la ƒe ʋu abe ale si Yehowa gblɔe da ɖi ene.
39Woŋlɔ Fia Ahab ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe nyiɖufiasã kple du siwo wòtso la ƒe ŋutinya ɖe, Israel fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ me.
40Woɖi Ahab ɖe tɔgbuiawo dome eye via Ahazia zu Israel fia ɖe eteƒe.
41Le Yuda la, Yehosafat, Asa ƒe vi zu Israel fia le Ahab ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe enelia me.
42Yehosafat xɔ ƒe blaetɔ̃ vɔ atɔ̃ eye wòɖu fia le Yerusalem ƒe blaeve vɔ atɔ̃. Dadaa ŋkɔe nye Azuba, Silhi ƒe vinyɔnu.
43Ewɔ Yehowa ƒe sewo katã dzi abe fofoa Asa ene, edze agbagba ɣe sia ɣi be yeadze Yehowa ŋu, ke meɖe nuxeƒewo ɖa le togbɛawo dzi o ale ameawo saa vɔ eye wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ le afi ma.
44Nu bubu hãe nye ewɔ ŋutifafa kple Ahab, Israel fia.
45Woŋlɔ Yehosafat ƒe nuwɔnawo kple eƒe dziɖuɖuwo le aʋawo me ɖe Yuda fiawo ƒe ŋutinyagbalẽ me.
46Yehosafat tu ŋutsu siwo nɔ gbolo wɔm le nuxeƒewo tso fofoa Asa ƒe fiaɖuɣi la ƒe xɔwo katã goŋgoŋ.
47Fia aɖeke menɔ Edom ɣe ma ɣi o: fiateƒenɔla koe nɔ anyi.
48Fia Yehosafat tu tɔdziʋu gãwo be woayi Ofir atsɔ sika agbɔe, ke womete ŋu trɔ gbɔ o, elabena wogbã le Ezion Geber.
49Ahazia, Fia Ahab ƒe vi, ame si ɖu fia ɖe Ahab yome la gblɔ na Yehosafat be wòana ye hã yeƒe amewo nayi gake Yehosafat gbe.
50Esi Fia Yehosafat ku la, woɖii ɖe tɔgbuiawo dome le fofoa David ƒe du me eye via Yehoram ɖu fia ɖe eteƒe.
51Le Yuda fia Yehosafat ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiadrelia me la, Ahazia, Ahab ƒe vi dze fiaɖuɖu gɔme ɖe Israel dzi le Samaria. Eɖu fia ƒe eve.
52Ewɔ nu vɔ̃ le Yehowa ƒe ŋkume elabena eto fofoa kple dadaa kple Yeroboam, Nebat ƒe vi, ame si kplɔ Israel de nu vɔ̃ me la ƒe afɔtoƒe.
53Esubɔ Baal eye wòto esia me do dɔmedzoe na Yehowa, Israel ƒe Mawu la abe ale si fofoa wɔ ene.