We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Fiawo 1 2

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Fiawo 1 1 Fiawo 1 Fiawo 1 3 →

1Esi Fia David ƒe kuɣi ɖo vɔ la, egblɔ na via, Solomo be:

2“Mele demagbɔnugbe yim eya ta lé dzi ɖe ƒo, nàwɔ kalẽ.

3Wɔ nu siwo katã Yehowa, wò Mawu ɖo na wò. Wɔ eƒe se siwo katã woŋlɔ ɖe Mose ƒe agbalẽ me la dzi ale be nu sia nu si nàwɔ le go ɖe sia ɖe me la nadze edzi na wò.

4Ne èwɔ alea la, ekema Yehowa awɔ ŋugbe si wòdo nam la dzi. Ŋugbe siae nye be ne vinyewo kple woƒe dzidzimeviwo azɔ nyuie, eye woawɔ nuteƒe na ye, Mawu la, ekema wo dometɔ ɖeka anye fia na Israel ɣe sia ɣi eye nye fiaɖuƒe nu mayi akpɔ o.

5“Ènya be Yoab, Yeruya vi wu nye Israelʋafia eve, Abner kple Amasa. Eble amewo be aʋa mee yewu wo le, le esime wònye ŋutifafa ƒe ɣeyiɣiwo mee wòwu wo le.

6Ame nyanue nènye eye ànya nu si nàwɔ; mègana wòaku le ŋutifafa me o.

7“Ke ve Barzilai, Gileadtɔ la ƒe viwo nu elabena wove nunye esi mesi le vinye Absalom nu.

8“Èɖo ŋku Simei, ame si nye Gera, Benyamintɔ tso Bahurim ƒe vi dzia? Eƒo fi dem vevie esime meyina Mahanaim. Ke esi wòva kpem le Yɔdan tɔsisi la nu la, medo ŋugbe nɛ le Yehowa ŋkɔ me be nyemawui o.

9Ke azɔ la, mègabui ame maɖifɔe o. Nunyalae nènye; ànya nu si nàwɔe. Ɖo eƒe ta ƒowɔ la ɖe yɔ me to ʋu me.”

10Ale David ku eye woɖii ɖe Yerusalem, David ƒe du la me.

11Eɖu fia ɖe Israel dzi ƒe blaene, ƒe adre le Hebron, ƒe blaetɔ̃-vɔ-etɔ̃ le Yerusalem.

12Solomo zu fia yeye ɖe fofoa, David teƒe eye nuwo tsɔ afɔ nyuie le eƒe fiaɖuƒe la me.

13Gbe ɖeka la, Adoniya, Hagit ƒe vi la va Fia Solomo dada, Batseba gbɔ. Batseba biae be, “Ŋutifafae nètsɔ vɛa?”

14Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”

15Adoniya ɖo eŋu be, “Tsã la, fiaɖuƒe la nye tɔnye eye Israel katã bu be nyee anye fia yeyea hafi. Ke nuwo va trɔ eye nu sia nu va yi nɔvinye boŋ ƒe asi me elabena nenemae Yehowa di be wòanɔ.

16Azɔ la, medi be mabia wò nàna kpekpeɖeŋu tɔxɛ aɖem. Meɖe kuku, mègagbe kpekpeɖeŋu sia nanam o.”

17Eɖo eŋu be, “Ƒo nu na Fia Solomo nam elabena menya be awɔ nu sia nu si nàbiae. Ƒo nu nɛ nam be wòatsɔ Abisag, Sunami nyɔnu la nam maɖe.”

18Batseba ɖo eŋu be, “Enyo, mabiae na wò.”

19Ale Batseba yi be yeagblɔ nya la na Fia Solomo le Adoniya ƒe ŋkɔ me. Esi wòɖo fia la gbɔ ko la, fia la tso le eƒe fiazikpui dzi, bɔbɔ eye wòde ta agu na dadaa. Eɖe gbe be woatsɔ fiazikpui aɖe ada ɖe ye tɔ gbɔ na ye dada, ale dadaa nɔ eƒe ɖusime.

20Dadaa gblɔ nɛ be, “Meva be mabia nane wò; meka ɖe edzi be màgbe nu si mabia wò la wɔwɔ o.”

21Dadaa gblɔ nɛ be, “Ɖe mɔ nɔviwò, Adoniya naɖe Abisag.”

22Fia Solomo ɖo ŋu na dadaa be, “Nu ka ta nèle Abisag, Sunami nyɔnu la biam na Adoniya ɖo? Bia fiaɖuƒe la hã na eya kple nunɔla Abiata kple Aʋafia Yoab si nye Zeruya ƒe vi la elabna fonyee.”

23Tete Fia Solomo tsɔ Yehowa ka atam be, “Mawu nafiam agafiam ɖe edzi, ne Adoniya metsɔ eƒe agbe xe fe ɖe nu si wòbia la ta o!

24Ke azɔ la, zi ale si Yehowa le agbe, ame si tsɔm ɖo fofonye, David ƒe fiazikpui dzi eye wòɖo fiaɖuƒe anyi nam abe ale si wòdo ŋugbe ene la, woawu Adoniya egbea!”

25Ale Fia Solomo ɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawu Adoniya eye wòyi ɖawui kple yi.

26Le esia megbe la, fia la gblɔ na nunɔla Abiata be, “Yi wò aƒe me le Anatɔt; ele be woawu wò hã gake nyemawu wò fifia o elabena wòe tsɔ Aƒetɔ la ƒe nubablaɖaka la le fofonye ƒe fiaɖuɣi eye nèkpe fu sia fu kplii to eƒe xaxaɣiwo katã me.”

27Ale Solomo nya Abiata be magawɔ dɔ abe Yehowa ƒe nunɔla ene o. Ale wona Yehowa ƒe nya si wògblɔ ɖi ɖe Eli kple eƒe dzidzimeviwo ŋu le Silo la va eme.

28Yoab nye aʋafia na David ƒe aʋakɔ eye mede Absalom dzi o, ke ede Adoniya ya dzi. Esi Yoab se Adoniya ƒe ku la, eƒu du yi ɖadi sitsoƒe le Agbadɔ la me eye wòlé vɔsamlekpui la ƒe lãdzowo ɖe asi.

29Esi Fia Solomo se nya sia la, eɖo Benaya ɖa be wòayi aɖawui.

30Benaya yi agbadɔ la me; ekpɔ Yoab eye wògblɔ nɛ be, “Fia Solomo be, ‘do go!’ ”

31Fia la gblɔ be, “Wɔ eƒe didi dzi, wui le vɔsamlekpui la gbɔ eye nàɖii. Esia aɖe amewo wuwu dzodzro ƒe fɔɖiɖi ɖa le nye kple fofonye ƒe ƒome la dzi.

32Ekema Yehowa ana ame eve siwo nyo wui hafi wòwu wo la ƒe nu vɔ̃ nanɔ eya ŋutɔ dzi elabena fofonye ƒe asi menɔ Aʋafia Abner, Israelʋakɔ la ƒe kplɔla gã la kple Aʋafia Amasa, Yudaʋakɔwo ƒe kplɔla gã la ƒe ku me o.

33Ame siawo wuwu ƒe nu vɔ̃ nanɔ Yoab kple eƒe dzidzimeviwo dzi tegbetegbe eye Mawu nakpɔe be David kple eƒe dzidzimeviwo meɖi fɔ le ame siawo wuwu me o.”

34Ale Benaya trɔ yi agbadɔ la me eye wòwu Yoab. Woɖi eƒe kukua ɖe eƒe aƒe xa le gbegbe.

35Fia Solomo ɖo Benaya aʋafia gãe ɖe Yoab teƒe eye wòtsɔ Zadok ɖo nunɔla ɖe Abiata teƒe.

36Fia la ɖo du ɖe Simei eye wògblɔ nɛ be, “Tu xɔ na ɖokuiwò ɖe Yerusalem eye nànɔ afi ma; mègayi teƒe bubu aɖeke o.

37Gbe si gbe nàtso Kidron bali la la, nànya nyuie be yeaku eye yeƒe ʋu anɔ ye ŋutɔ ƒe ta dzi.”

38Simei gblɔ nɛ be, “Mesee; mawɔ nu sia nu si nye aƒetɔ fia la gblɔ.” Ale wònɔ Yerusalem ɣeyiɣi didi aɖe.

39Le ƒe etɔ̃ megbe la, Simei ƒe kluvi eve si yi Gat fia, Akis gbɔ. Esime Simei se be wole afi ma la,

40edo tedzi yi Gat le Akis gbɔ be yeadi yeƒe kluviwo. Esi wòkpɔ eƒe kluviawo la, ekplɔ wo va Yerusalem.

41Fia Solomo se be Simei dzo le Yerusalem yi Gat eye wòtrɔ gbɔ.

42Eyɔe hebiae be, “Ɖe nyemeɖo na wò be nànɔ Yerusalem alo nàku oa? Wò ŋutɔ mèɖo eŋu gblɔ be, ‘Mesee; mawɔ nu sia nu si nènya gblɔ ko’ oa?

43Ekema nu ka ta mèwɔ míaƒe ɖoɖo kple nye se la dzi o?”

44“Nya kae le asiwò le nu vɔ̃ɖi siwo katã nèwɔ ɖe fofonye, Fia David, ŋu la ta? Yehowa nabia hlɔ̃ wò

45gake wòakɔ eƒe yayra gã ɖe Solomo dzi ale be David ƒe fiazikpui la ali ke le Yehowa ƒe ŋkume tegbee.”

46Enumake Fia Solomo ɖe gbe eye Benaya kplɔ Simei yi gota eye wòwui.

← Fiawo 1 1 Fiawo 1 Fiawo 1 3 →