We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 16

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 15 Kronika 1 Kronika 1 17 →

1Ale wotsɔ Mawu ƒe nubablaɖaka la yi Agbadɔ si David tu nɛ la me. Israel kplɔlawo sa numevɔ kple akpedavɔ le Mawu ŋkume.

2Esi David sa numevɔ kple akpedavɔ vɔ la, eyra ameawo le Yehowa ƒe ŋkɔ me

3eye wòtsɔ abolo, lãkɔ kple waintsetsebolo na Israelvi ɖe sia ɖe, ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa.

4Etia Levitɔ aɖewo be woanɔ nublaɖaka la ŋgɔ anɔ Yehowa, Israel ƒe Mawu la kafum, anɔ akpe dam nɛ eye woanɔ eƒe yayra biam ɖe amewo dzi madzudzɔmadzudzɔe. Ame siwo wode dɔ sia asi na la woe nye:

5Asaf, ameawo ƒe kplɔla, eyae ƒoa gakogoe. Eƒe hadɔwɔlawoe nye: Zekaria, Yeiel, Semiramɔt, Yehiel, Matitia, Eliab, Benaya, Obed Edom kple Yeiel. Woawoe ƒoa saŋkuwo kple kasaŋkuwo.

6Nunɔla Benaya kple Nunɔla Yahaziel kua kpẽ le nubablaɖaka la ŋgɔ gbe sia gbe.

7Ɣe ma ɣie David dze hadzilawo ŋu dɔ wɔwɔ gɔme le Agbadɔ la me be woadzi akpedaha na Yehowa. Ame si nɔ hadzilawo nue nye Asaf.

8Wodzi ha be: Mida akpe na Yehowa

9Midzi ha nɛ, midzi kafukafuha nɛ,

10Miƒo adegbe le eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ŋu,

11Midi Yehowa, mibia eƒe ŋusẽ,

12Miɖo ŋku nukunu siwo wòwɔ,

13O Israel, eƒe dɔla ƒe dzidzimeviwo,

14Eyae nye Yehowa, míaƒe Mawu!

15Eɖoa ŋku eƒe nubabla

16Eƒe nu si wòbla kple Abraham,

17Eɖo kpe edzi na Yakob

18“Wòe matsɔ Kanaanyigba la na,

19Esi wonye ame ʋɛ aɖewo ko,

20Esime wotsa tso dukɔ me yi dukɔ me

21Yehowa meɖe mɔ be ame aɖeke nate wo ɖe anyi o

22Mawu gblɔ na fia mawo be,

23Oo, anyigba, midzi ha na Yehowa,

24Miɖe eƒe Ŋutikɔkɔefia le dukɔwo dome

25Elabena Yehowa lolo eye wòdze kafukafu ŋutɔ;

26Dukɔwo ƒe mawuwo nye legbawo.

27Atsyɔ̃ kple gãnyenye le eŋgɔ eye ŋusẽ

28O mi dukɔwo ƒe ƒomewo,

29Ɛ̃, mitsɔ ŋutikɔkɔe si dze eƒe ŋkɔ la nɛ.

30Mi anyigbawo katã, midzo nyanyanya le eŋkume.

31Dziƒowo, mitso aseye, anyigba nedzɔ dzi.

32Atsiaƒu kple emenuwo katã neɖe gbe

33Ekema avemetiwo katã adzi ha

34Mida akpe na Yehowa elabena eƒe dɔme nyo

35Mido ɣli be, “Oo Mawu, mia Ɖela, ɖe mí,

36Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la

37David tia Asaf kple nɔvia Levitɔwo be woawɔ subɔsubɔdɔ ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe nubablaɖaka la ŋgɔ eye woawɔ nu sia nu si hiã na wɔwɔ la gbe sia gbe.

38Ame siwo wode dɔ sia asi na la, woe nye: Obed Edom, Yedutun ƒe vi, Hosa kple wo nɔvi blaade-vɔ-enyi, ame siwo nye agbonudzɔlawo.

39Wogawɔa Yehowa ƒe Agbadɔ xoxo si nɔ Gibeon to la dzi la ŋu dɔ. David gble Nunɔla Zadok kple Nunɔla bubuawo ɖi be woasubɔ Yehowa le afi ma.

40Wosa numevɔ na Yehowa ŋdi sia ŋdi, fiẽ sia fiẽ le numevɔsamlekpui la dzi abe ale si Yehowa ɖo na Israel ene.

41David gatia Heman kple Yedutun kple ame bubu aɖewo, ame siwo ŋkɔwo wode dzesi la be woada akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ kple amenuveve si li ɖaa la ta.

42Heman kple Yedutun kua woƒe kpẽwo eye woƒoa woƒe gakogoewo kpena ɖe hadzidzi ŋu eye kafukafu dea dzi na Yehowa bobobo. Wotia Yedutun ƒe viwo wozu agbonudzɔlawo.

43Esi aseyetsotso la wu enu eye ame sia ame trɔ yi eƒe aƒe me la, David hã trɔ yi eƒe aƒe me eye wòyra eƒe aƒemetɔwo.

← Kronika 1 15 Kronika 1 Kronika 1 17 →