We Believe JesusFé, Esperança e Nova Vida

Kronika 1 14

Biblica® Se aɖeke mebla Biblia zazã o Agbenya La™ · ew

← Kronika 1 13 Kronika 1 Kronika 1 15 →

1Azɔ la, Hiram, Tiro fia dɔ dɔlawo ɖo ɖe David. Etsɔ sedatiwo, gliɖolawo kple atikpalawo kpe ɖe wo ŋuti be woatu fiasã nɛ.

2Azɔ David nya nu si ta Mawu ɖoe fiae na Israel eye wòna eƒe fiaɖuƒe keke ta. Nu tɔxɛ aɖe tae, eyae nye be wòado dzidzɔ na Mawu ƒe amewo.

3Esi David ʋu yi Yerusalem la, egaɖe srɔ̃ aɖewo eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu geɖewo.

4Vi siwo wodzi na Fia David le Yerusalem la ƒe ŋkɔwoe nye: Samua, Sobab, Natan, Solomo,

5Ibhar, Elisua, Elpelet,

6Noga, Nefeg, Yafia,

7Elisama, Beeliada kple Elifelet.

8Esi Filistitɔwo se be David zu Israel fia yeyea la, woƒo ƒu aʋakɔ aɖe nu be yewoayi aɖalée. Ke David se be wogbɔna la, eho yi wo kpe ge.

9Filistitɔwo nɔ nuwo ham le Refaim balime.

10David bia Mawu be, “Mayi aɖawɔ aʋa kpli woa? Ɖe nàtsɔ wo ade asi nama?”

11Ale David kple eƒe aʋakɔ la yi ɖadze Filistitɔwo dzi le Baal Perazim eye wòtsrɔ̃ wo. Egblɔ be, “Mawu to dzinye kplɔ nye futɔwo dzoe abe ale si tsi ŋɔna tso tsixaɖoƒe ene!” Esia ta wòna ŋkɔ teƒe la tso ɣe ma ɣi be, “Baal Perazim” si gɔmee nye, “Aƒetɔ si gba go.”

12Le aʋakpekpe sia megbe la, Filistitɔwo gblẽ woƒe legbawo ɖe anyi, ke David ɖe gbe eye wotɔ dzo wo katã.

13Emegbe la, Filistitɔwo gava kaka ɖe balime la me.

14David gabia nu si wòawɔ la Mawu eye Mawu ɖo eŋu nɛ be, “Mègaho dze wo yome me o, ke boŋ trɔ ɖa le wo ŋu eye nàva tu wo le balsamtiawo gbɔ.

15Ne èse gbeɖiɖi aɖe le atiawo tame abe asrafowoe le azɔli zɔm ene la, ekema nàdze wo dzi elabena esia afia be, Mawu dze ŋgɔ na wò be nàtsrɔ̃ Filistitɔwo ƒe aʋakɔwo.”

16Ale David wɔ nu si Mawu ɖo nɛ eye wòsi Filistitɔwo ƒe aʋakɔ la tso keke Gibeon va se ɖe Gezer.

17David ƒe ŋkɔ de dzi le afi sia afi eye Yehowa na be dukɔwo katã navɔ̃e.

← Kronika 1 13 Kronika 1 Kronika 1 15 →